-
5 Mose 28:63, 64Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
63 “Eye ale si ko Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu, be yeawɔ nyui na mi ahana miadzi ɖe edzi la, nenema kee Yehowa akpɔ dzidzɔ be yeatsrɔ̃ mi ahana miavɔ keŋkeŋ; eye woaɖe mi ɖa le anyigba si dzi nèyina be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.
64 “Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe mlɔenu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu,+ àsubɔ mawu siwo wotsɔ ati kple kpe wɔ, siwo wò ŋutɔ loo alo tɔgbuiwòwo menya o, la le afi ma.+
-
-
Yosua 23:15, 16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Gake ale si ko ŋugbe nyui siwo katã Yehowa mia Mawu do na mi va eme na mi+ la, nenema kee Yehowa ahe vɔ̃ siwo katã ƒe ŋugbe wòdo* la ava mia dzi, eye wòatsrɔ̃ mi ɖa keŋkeŋ le anyigba nyui sia si Yehowa mia Mawu tsɔ na mi la dzi.+ 16 Ne mietu Yehowa mia Mawu ƒe nu, si wòbla kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ƒe dziku afla ɖe mia ŋu,+ eye miatsrɔ̃ avɔ kaba ŋutɔ le anyigba nyui si wòtsɔ na mi la dzi.”+
-
-
1 Fiawo 9:6, 7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Gake ne wò kple viwòwo mietrɔ le yonyeme, eye mielé nye sedede kple nye ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mia ŋkume la me ɖe asi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,+ 7 ekema nye hã maɖe Israel ɖa le anyigba si metsɔ na wo la dzi,+ eye matsɔ xɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la aƒu gbe le ŋkunyeme,+ eye Israel azu vlodonu* kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.+
-