-
4 Mose 11:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eye Mose gblɔ na Yehowa be: “Nu ka tae nèdo nuxaxa na wò subɔla? Nu ka tae mève nunye o, ale be nètsɔ dukɔ blibo sia katã ƒe agba dro ɖe dzinye?+
-
-
4 Mose 11:15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Ne aleae nèle nu wɔ ge ɖe ŋunyee la, ekema meɖe kuku, wum fifia.+ Ne ève nunye la, ke mègana makpɔ dzivedonamenu siawo teƒe azɔ o.”
-
-
Hiob 6:8, 9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Oo, ne ɖe nye biabia la ava eme,
Eye Mawu awɔ nye didi dzi nam ɖe!
9 Ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu,
Eye wòado eƒe asi ɖa ahaɖem+ ɖa ɖe!
-