INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yeremiya 3:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 “Le ŋkeke mawo me la, Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe+ azɔ aduadu, eye woawɔ ɖeka ado tso dziehenyigba dzi ava anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo wòzu woƒe domenyinu la dzi.+

  • Ezekiel 37:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 “Amegbetɔvi, tsɔ ati, eye nàŋlɔ ɖe eŋu be, ‘Yuda kple Israel-vi siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe.’+ Gatsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe eŋu be, ‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef kple Israel ƒe aƒe blibo si wɔ ɖeka kplii la tɔe.’+

  • Ezekiel 37:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 ekema nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matsɔ Yosef kple Israel-to siwo wɔ ɖeka kplii la ƒe ati, si le Efrayim si la, aɖo Yuda ƒe ati la nu ne wòazu ati ɖeka;+ woawɔ ɖeka le asinye me.”’

  • Hosea 1:10, 11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 “Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒutake, si womate ŋu adzidze alo axlẽ o ene.+ Eye afi si wogblɔ na wo le be, ‘Menye nye dukɔe mienye o’+ la, woagblɔ na wo le afi ma be, ‘Mawu gbagbe la ƒe viwo mienye.’+ 11 Woaƒo Yuda viwo kple Israel-viwo nu ƒu ɖekae,+ eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho tso anyigba la dzi, elabena Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe