33 Midzra nu siwo le mia si la, eye miatsɔ ga la ana ame dahewo.+ Mitɔ gakotoku siwo megblẽna o, siwo nye nu xɔasi siwo nu mayi o la, na mia ɖokui ɖe dziƒowo,+ afi si fiafitɔ megogona o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o. 34 Elabena afi si wò nu xɔasiwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.