-
Luka 13:25-27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Ne aƒea tɔ tso do ʋɔa la, miatɔ ɖe xexe anɔ ʋɔa ƒom anɔ gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋui na mí,’+ ekema aɖo eŋu na mi be: ‘Nyemenya afi si mietso o.’ 26 Ekema miade asi gbɔgblɔ me be, ‘Míeɖu nu heno nu le ŋkuwòme, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi ɖe.’+ 27 Ke agblɔ na mi be, ‘Nyemenya afi si mietso o. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!’
-