-
Marko 9:2-8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro kple Yakobo kpakple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Eye eƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume;+ 3 eƒe awudziwuiwo le dzo dam eye wofu ale gbegbe be nunyàla aɖeke mele anyigba dzi ate ŋu anya wo woafu nenema o. 4 Eliya kple Mose hã dze wokpɔ, eye wole dze ɖom kple Yesu. 5 Petro gblɔ na Yesu be: “Rabi, enyo na mí be míanɔ afi sia. Eya ta na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, eye ɖeka nanye Eliya tɔ.” 6 Le nyateƒe me la, Petro menya nu si wòawɔ o, elabena vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 7 Alilikpo aɖe do, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe aɖe ɖi+ tso alilikpoa me be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.+ Miɖo toe.”+ 8 Kasia wotsa ŋku mlamlamla, gake womegakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ko.
-
-
Luka 9:28-36Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
28 Le nyateƒe me la, anɔ ŋkeke enyi le nya siawo gbɔgblɔ megbe la, ekplɔ Petro kple Yohanes kpakple Yakobo ɖe asi yi to aɖe dzi be yeado gbe ɖa.+ 29 Eye esi wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam. 30 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu eve, siwo nye Mose kple Eliya, le dze ɖom kplii. 31 Ame siawo dze le ŋutikɔkɔe me, eye wole dze ɖom tso eƒe dzodzo si ava eme le Yerusalem la ŋu.+ 32 Ke Petro kple ame siwo kpe ɖe eŋu la le alɔ̃ dɔm, gake esi wonyɔ keŋkeŋ la, wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe+ kple ŋutsu eve siwo le tsitre ɖe egbɔ. 33 Eye esi ame siawo le dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be: “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Eya ta na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” Gake eya ŋutɔ menya nya ka gblɔm wòle o. 34 Ke esi wòle nya siawo gblɔm la, alilikpo do, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi. Esi alilikpoa do vɔvɔli ɖe wo dzi la, vɔvɔ̃ ɖo wo. 35 Eye gbe+ aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be: “Ame siae nye Vinye si metia la.+ Miɖo toe.”+ 36 Eye esi gbea ɖi la, Yesu ɖeka koe wokpɔ. Ke womia nu ɖe nya la dzi, eye womeka nu siwo wokpɔ la dometɔ aɖeke ta na ame aɖeke le ŋkeke mawo me o.+
-