INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 9:17-29
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Ameha la dometɔ ɖeka ɖo eŋu nɛ be: “Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi va gbɔwò, elabena gbɔgbɔ aɖe le eme si na meƒoa nu o.+ 18 Afi sia afi si wòdze edzi le la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye ŋusẽ vɔna le eŋu. Megblɔ na wò nusrɔ̃lawo be woanyae ado goe, ke womete ŋui o.” 19 Eɖo eŋu na wo be: “Oo, dzidzime maxɔse,+ ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae mado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo? Mikplɔe va gbɔnye.”+ 20 Ale wokplɔ ŋutsuvi la va egbɔ, ke esi wòkpɔ Yesu la, gbɔgbɔ la na ŋutsuvi la ƒo tititi, eye wòdze anyi hele mimlim, eye futukpɔ le dodom le enu. 21 Eye Yesu bia fofoa be: “Ɣeyiɣi didi kae nye esia nu sia dzɔna ɖe edzi?” Eɖo eŋu be: “Tso eƒe ɖevime ke, 22 eye wòtsɔnɛ xlãna ɖe dzo kple tsi me enuenu be yeawui. Ke ne àte ŋu awɔ nane la, kpɔ nublanui na mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu.” 23 Yesu gblɔ nɛ be: “Ðe nèbe, ‘Ne àte ŋuia’? Nyae be ame si si xɔse le la ate ŋu awɔ nu sia nu.”+ 24 Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ be: “Xɔse le asinye! Gake kpe ɖe ŋunye le afi si mehiã xɔse le!”+

      25 Ke esi Yesu kpɔ be ameha aɖe le du dzi gbɔna yewo gbɔ la, eka mo na gbɔgbɔ makɔmakɔ la hegblɔ nɛ be: “Wò, gbɔgbɔ si nana wozua mumu kple tokunɔ, meɖe gbe na wò be, do go le eme, eye mègage ɖe eme azɔ o!”+ 26 Esi gbɔgbɔ la do ɣli hena ŋutsuvi la ƒo tititi zi geɖe vɔ la, edo go le eme, eye ŋutsuvi la zu abe ame kuku ene, ale be wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be: “Eku!” 27 Ke Yesu lé ŋutsuvia ƒe alɔnu hekɔe dzi, eye wòtso ɖe tsitrenu. 28 Emegbe esi wòyi aƒe aɖe me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va biae be: “Aleke wɔ míawo ya míete ŋu nyae do goe o?”+ 29 Eɖo eŋu na wo be: “Esia tɔgbi ya gbedodoɖa dzi koe woate ŋu ato anyae ado goe.”

  • Luka 9:38-42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 38 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe do ɣli le ameha la dome be: “Nufiala, meɖe kuku na wò, va kpɔ vinyeŋutsuvi nam ɖa, elabena vi ɖeka wònye nam.+ 39 Eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔ aɖe dzea edzi, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònana wòƒona tititi, eye futukpɔ dona le enu, eye ne ewɔ nu vevii vɔ hã la, bebli hafi wòdzona le edzi. 40 Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae do goe, ke womete ŋui o.” 41 Yesu ɖo eŋu be: “Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi,+ ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ahado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo? Kplɔ viwòa va afii.”+ 42 Gake esi ɖevia le egogom la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyi hena wòƒo tititi ŋutɔ. Ke Yesu ka mo na gbɔgbɔ makɔmakɔ la, eye wòda gbe le ŋutsuvi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe