INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 13:28-31
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 28 “Ke misrɔ̃ nu sia tso gboti ŋu: Ne eɖe alɔ fẽwo, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo.+ 29 Nenema kee ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Amegbetɔvi la gogo ʋɔtruawo nu.+ 30 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.+ 31 Dziƒo kple anyigba nu ava yi,+ ke nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.+

  • Luka 21:29-33
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 29 Eye wòdo lo sia na wo be: “Milé ŋku ɖe gboti kple ati bubuwo katã ŋu.+ 30 Ne miekpɔ wo wole aŋgba tom ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. 31 Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, midze sii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo. 32 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.+ 33 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, ke nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe