INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Malaki 3:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 “Kpɔ ɖa! Mele nye dɔla dɔm, ne wòata mɔ* le ŋgɔnye.+ Eye Aƒetɔ vavã si dim miele la, ava eƒe gbedoxɔ me kpoyi;+ eye nubabla ƒe dɔla, si miele mɔ kpɔm na kple dzidzɔ la hã ava. Kpɔ ɖa! Ele vava ge godoo,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

  • Mateo 3:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Le ŋkeke mawo me la, Yohanes+ Amenyrɔɖetsimela va le gbeƒã ɖem+ le Yudea-gbedzi

  • Mateo 3:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Le nyateƒe me la, ame sia ŋu nyae wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya+ dzi be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.’”+

  • Mateo 11:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Eya ŋue woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò!’+

  • Luka 3:2-6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 le Kayafa+ kple nunɔlagã Ana ŋɔli la, Mawu ƒe gbe va na Yohanes,+ Zakariya vi, le gbedadaƒo.+

      3 Ale Yohanes tsa to Yordan nutoa katã me le gbeƒã ɖem nyɔnyrɔxɔxɔ, si nye dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke ƒe dzesi,+ 4 abe ale si woŋlɔe ɖe nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa me ene be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.+ 5 Woaxe baliwo katã, eye woana to sia to kple togbɛ sia togbɛ nazu sɔsɔeƒe; mɔ gɔglɔ̃wo nadzɔ, eye teƒe glidzaglidzawo nazu mɔ zɔzrɔ̃ewo; 6 eye ŋutilãwo* katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.’”*+

  • Luka 7:27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 Eya ŋue woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe