INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mateo 15:22-28
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Eye kpɔ ɖa, Foinike-nyɔnu* aɖe si tso nuto ma me la va eye wòdo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam. Gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na vinyenyɔnuvi vevie.”+ 23 Gake meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. Eya ta eƒe nusrɔ̃lawo va ɖe kuku nɛ be: “Do mɔe, elabena ele ɣli dom le mía yome.” 24 Eɖo eŋu be: “Womedɔm ɖe ame bubuwo gbɔ o, negbe ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo la gbɔ ko.”+ 25 Ke nyɔnua va dze klo nɛ* gblɔ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!” 26 Eɖo eŋu nɛ be: “Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.” 27 Eɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ele eme baa; gake avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.”+ 28 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Oo aƒenɔ, wò xɔse lolo ŋutɔ; neva eme na wò abe ale si nèdi ene.” Eye vianyɔnuvi la haya le gaƒoƒo ma dzi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe