Mateo 9:32, 33 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 32 Esi wole dzodzom la, kpɔ ɖa, amewo kplɔ aɖetututɔ aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la va egbɔ;+ 33 eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe vɔ la, aɖetututɔ la ƒo nu.+ Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa wogblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.”+ Luka 11:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Emegbe enya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si na ame aɖe zu mumu la do goe le amea me.+ Esi gbɔgbɔ vɔ̃a do le amea me ko la, amea ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.+
32 Esi wole dzodzom la, kpɔ ɖa, amewo kplɔ aɖetututɔ aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la va egbɔ;+ 33 eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe vɔ la, aɖetututɔ la ƒo nu.+ Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa wogblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.”+
14 Emegbe enya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si na ame aɖe zu mumu la do goe le amea me.+ Esi gbɔgbɔ vɔ̃a do le amea me ko la, amea ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.+