24 “Kwasiɖa blaadre* woɖo ɖe wò dukɔ la kple wò du kɔkɔe la ŋu,+ ne woatsi dzidada nu, ne woaɖe nu vɔ̃ ɖa,+ ne woalé avu ɖe vodada ta,+ ne woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ,+ ne woatre ŋutega kple nyagblɔɖi* nu,+ eye woasi ami na Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.
13 Kristo ƒle mí+ heɖe mí+ tso Se la ƒe fiƒode la me esi wòva zu fiƒodeme ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖi be: “Ame sia ame si wohe ɖe ati ŋu la, fiƒode le edzi.”+
13 esime míele dzidzɔmɔkpɔkpɔ+ kple Mawu gã la kpakple mía Ðela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam, 14 ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta,+ be wòaɖe mí*+ tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe me, eye wòakɔ dukɔ si nye eya ŋutɔ tɔ, si le tɔxɛ nɛ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.+