-
Mateo 20:29-34Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
29 Esi wole dzodzom le Yeriko la, ame gbogbo aɖewo kplɔe ɖo. 30 Eye kpɔ ɖa, ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ to, eye esi wose be Yesu va yina la, wodo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí!”+ 31 Ke ameha la blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe; ke wogado ɣli ɖe edzi be: “Aƒetɔ, David Vi lee, kpɔ nublanui na mí dzro!” 32 Eya ta Yesu tɔ, eye wòyɔ wo hebia wo be: “Nu kae miedi be mawɔ na mi?” 33 Woɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.” 34 Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eye wòka asi woƒe ŋkuwo ŋu,+ enumake wogakpɔ nu, eye wodze eyome.
-
-
Luka 18:35-43Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
35 Ke esi Yesu le Yeriko gogom la, ŋkuagbãtɔ aɖe nɔ anyi ɖe mɔ to le nu biam.+ 36 Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wova yina la, ebia be nu kae le dzɔdzɔm hã. 37 Wogblɔ nɛ be: “Yesu Nazaretetɔ lae va yina!” 38 Ale wòdo ɣli be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!” 39 Eye ame siwo le ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!” 40 Eye Yesu tɔ eye wògblɔ be woakplɔ amea ava ye gbɔ. Esi wòte ɖe eŋu la, Yesu biae be: 41 “Nu kae nèdi be mawɔ na wò?” Eɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na magakpɔ nu.” 42 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Gakpɔ nu; wò xɔse na nèhaya.”+ 43 Eye enumake wògakpɔ nu, eye wòdze Yesu yome+ hele Mawu kafum. Eye esi ameawo katã kpɔ nu si dzɔ la, woawo hã wokafu Mawu.+
-