INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mateo 21:42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 42 Yesu bia wo be: “Ðe miexlẽe le Ŋɔŋlɔawo me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ;+ Yehowa* gbɔe esia tso va eme, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume’ oa?+

  • Luka 20:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Gake ekpɔ wo dũu eye wògblɔ be: “Ke nya sia si woŋlɔ ɖi be: ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,’ la gɔme ɖe?+

  • Dɔwɔwɔwo 4:10, 11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 ekema mia kple Israel dukɔ blibo la katã minyae be, Yesu Kristo, Nazaretetɔ+ la, ame si miawo miehe ɖe ati ŋu,+ gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome+ la, eya ƒe ŋkɔ mee ŋutsu sia ƒe lãme sẽ le eye wòle tsitre ɖe mia ŋkume. 11 Esiae nye ‘kpe si mi xɔtulawo miebu ɖe naneke me o, si va zu dzogoedzikpe vevitɔ la.’+

  • Efesotɔwo 2:20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 wotu mi ɖe apostoloawo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoanyi dzi,+ eye Kristo Yesu ŋutɔe nye gɔmeɖoanyia ƒe dzogoedzikpe la.+

  • 1 Petro 2:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Eya ta miawoe wòxɔ asi na, elabena miexɔe se; ke ame siwo mexɔna sena o la, “kpe si xɔtulawo gbe+ la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe