-
Mateo 22:23-28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Gbe ma gbe Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, va biae be:+ 24 “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’+ 25 Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. 26 Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. 27 Mlɔeba nyɔnua hã ku. 28 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”
-
-
Luka 20:27-33Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Ke Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, dometɔ aɖewo va biae be:+ 28 “Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mí be, ‘Ne ame aɖe nɔviŋutsu ku hegblẽ srɔ̃a ɖi eye medzi vi aɖeke o la, nɔvia naxɔ nyɔnua aɖe, eye wòado ƒome ɖi nɛ.’+ 29 Eva dzɔ be nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Gbãtɔa ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30 Eya ta evelia 31 kple etɔ̃lia ɖe nyɔnua. Eye nenema wo ame adre la katã ɖee, womedzi vi aɖeke hafi ku o. 32 Mlɔeba nyɔnua hã ku. 33 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃e wòanye? Elabena wo ame adre la katã ɖee kpɔ.”
-