-
Mateo 26:42-46Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
42 Egadzo yi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa be: “Fofonye, ne manya wɔ be kplu sia nato ŋunye ayi o, wònye ɖeko manoe godoo la, wò lɔlɔ̃nu nava eme.”+ 43 Egatrɔ va, eye wòkpɔ wo wole alɔ̃ dɔm, elabena alɔ̃ bla ŋku na wo. 44 Eye wògadzo le wo gbɔ yi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia gagblɔ nya mawo ke. 45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be: “Ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm ahanɔ ɖiɖim ɖe emea? Kpɔ ɖa, gaƒoƒo la de be woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 46 Mitso, mina míadzo. Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.”
-