-
Mateo 26:47-51Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
47 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, Yuda, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka va do, eye ameha gã aɖe tso nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo gbɔ le eyome, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi.+
48 Ke ame si dee asi la ɖo dzesi aɖe ɖi na wo be: “Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée.” 49 Eye wòzɔ tẽe yi Yesu gbɔ gblɔ be: “Medo gbe na wò, Rabi!” Eye wògbugbɔ nu nɛ. 50 Ke Yesu biae be: “Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?”+ Ale wote va eye wodze Yesu dzi helée. 51 Ke kpɔ ɖa, ame siwo le Yesu ŋu la dometɔ ɖeka do asi ɖa ɖe eƒe yi heda nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa to nɛ.+
-
-
Luka 22:47-51Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
47 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, ameha aɖe si Yuda, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, le ŋgɔ na la va do, eye wòte ɖe Yesu ŋu gbugbɔ nu nɛ.+ 48 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?” 49 Esi ame siwo le eŋu la kpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la, wobia be: “Aƒetɔ, mída yi woa?” 50 Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã da yi nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa eƒe ɖusimeto.+ 51 Ke Yesu gblɔ be: “Nese ɖe afi ma.” Eye wòka asi amea ƒe to ŋu heda gbe le eŋu.
-