-
Marko 6:17-20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
17 Elabena do ŋgɔ la, Herodes ŋutɔ dɔ ame wolé Yohanes tu ɖe gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ ta, elabe exɔe ɖe.+ 18 Elabena Yohanes gblɔ na Herodes enuenu be: “Se meɖe mɔ na wò be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.”+ 19 Eya ta Herodia lé Yohanes ɖe dɔme, eye wòdi be yeawui, ke mete ŋui o. 20 Herodes vɔ̃na na Yohanes, elabena enyae be ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe+ wònye, eye wòkpɔa egbɔ be ele dedie. Eye ne eɖo to se eƒe nyawo vɔ la, menyaa nu si wòawɔ o, ke hã esea eƒe nyawo kple dzidzɔ.
-