61 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye,+
Elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo.+
Edɔm be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
Ne maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe
Eye maʋu ŋku na gamenɔlawo,+
2 Ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe
Kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,+
Ne mafa akɔ na konyifalawo katã,+