-
Mateo 7:24-27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 “Eya ta ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, anɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi la ene.+ 25 Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, gake memu o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. 26 Ke ame sia ame si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, anɔ abe ŋutsu tsibome si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ene.+ 27 Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma,+ eye wòmu dze anyi gbloo.”
-