-
Mateo 6:25-30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 “Esia tae mele egblɔm na mi be: Midzudzɔ dzimaɖitsitsi+ ɖe miaƒe agbewo* ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.+ Ðe agbe* la mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye ŋutilã la xɔ asi wu nudodo oa?+ 26 Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu miakpɔ;+ womeƒãa nu o, womeŋea nu o, eye womeƒoa nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa? 27 Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui* ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?+ 28 Azɔ hã, nu ka tae mietsia dzimaɖi ɖe nudodo ŋuti ɖo? Milé ŋku ɖe ale si dzogbenya siwo le gbedzi la tsinae ŋu kpɔ; womewɔa dɔ o, eye wometrea ɖeti hã o; 29 gake mele egblɔm na mi be le Salomo+ ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. 30 Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzo me la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa, mi xɔseʋɛtɔwo?
-