INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 14:2-4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 “Esiae anye se si dzi woazɔ ɖo le gbe si gbe woakplɔ anyidɔléla* aɖe ava nunɔla la gbɔ be wòaɖo kpe edzi be eŋu kɔ.+ 3 Nunɔla la nayi asaɖa la godo aɖalé ŋku ɖe eŋu. Ne anyidɔ* la vɔ le anyidɔlélaa ŋu la, 4 ekema nunɔla la nana wòatsɔ xevi gbagbe eve siwo ŋu kɔ, sederti, ka dzĩ kple isop gbe avɛ be woatsɔ akɔ eŋu.+

  • 5 Mose 24:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 “Ne anyidɔ* ɖo mia dome la, wɔ nu siwo katã nunɔla siwo nye Lewi viwo afia mi la dzi pɛpɛpɛ.+ Ale si tututu mede se na wo la, nenema pɛpɛpɛ miawɔ.

  • Mateo 8:3, 4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Ale wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.”+ Enumake eƒe anyidɔ* la vɔ nɛ.+ 4 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o,+ ke boŋ yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla,+ eye nàna nu siwo Mose ɖo be woana la,+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”

  • Luka 5:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Ale wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” Enumake anyidɔ la vɔ nɛ.+ 14 Eye wòde se na amea be megagblɔe na ame aɖeke o. Egblɔ nɛ be: “Heyi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla, eye nàsa vɔ atsɔ akɔ ɖokuiwò ŋu abe ale si Mose de see ene,+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe