27 Eya ta wokplɔ wo va tsi tsitre ɖe Sanhedrin la ŋkume. Eye nunɔlagã la bia gbe wo 28 eye wògblɔ be: “Míede se na mi eme kɔ nyuie be miagayi edzi anɔ nu fiam le ŋkɔ sia dzi o,+ gake miena miaƒe nufiafia xɔ Yerusalem katã kpe ɖo, eye mieɖoe kplikpaa be yewoahe ŋutsu sia ƒe ʋu ava mía dzi.”+