INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yohanes 17:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye le afi si mele la,+ bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.*+

  • Romatɔwo 8:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Ke ne viwoe míenye la, ekema domenyilawo hãe míenye—Mawu ƒe domenyilawo,+ kple Kristo ƒe hadomenyilawo—ne míekpe fu kplii ko,+ ale be woakɔ mía ŋu hã kpakplii.+

  • Filipitɔwo 1:23
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 23 Metsi evedomesi; elabena ele dzroyem be woaɖe asi le ŋunye be manɔ Kristo gbɔ,+ elabena le nyateƒe me la, esiae nyo wu sãa.+

  • 1 Tesalonikatɔwo 4:16, 17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ gbeɖeɖe sesẽ kple mawudɔla gãtɔ+ ƒe gbe kpakple Mawu ƒe kpẽ ƒe ɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye ame siwo ku le Kristo me la atsi tsitre gbã.+ 17 Emegbe la, woakɔ mí ame susɔe siwo le agbe la le alilikpowo me+ ayi aɖakpe Aƒetɔ+ la le yame ahawɔ ɖeka kpli wo; eye ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ ɖaa.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe