-
Mateo 10:2-4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:+ Gbãtɔe nye Simon, si wogayɔna be Petro,+ kple nɔvia Andrea;+ Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes;+ 3 Filipo kple Bartolomeo;+ Toma+ kple Mateo,+ si nye adzɔxɔla la; Yakobo, Alfeo vi, kple Tadeo; 4 Simon Veviedola la; kple Yuda Iskariot, ame si va dee asi emegbe.+
-
-
Marko 3:16-19Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 Ame wuieve siwo le ƒuƒoƒo+ si wòɖo la me woe nye Simon, si wòna ŋkɔe be Petro,+ 17 Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la (ena ŋkɔ ame siawo hã be Boanerges, si gɔmee nye “Dziɖegbeviwo”),+ 18 Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo vi la, Tadeo, Simon Veviedola la, 19 kple Yuda Iskariot, ame si va dee asi emegbe.
Azɔ Yesu yi aƒe aɖe me,
-