INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yoel 2:28-32
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 28 Le nu siawo megbe la, matrɔ nye gbɔgbɔ+ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi,

      Eye mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.

      Miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.

      Eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.+

      29 Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe

      Nye kluviwo kple nye kosiwo gɔ̃ hã dzi le ŋkeke mawo me.

      30 Mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi:

      Ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.+

      31 Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu,+

      Hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.+

      32 Eye ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee;+

      Elabena amewo ado le eme dedie+ le Zion To dzi kple Yerusalem, abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene,

      Woawoe nye agbetsila siwo Yehowa yɔ.”

  • Romatɔwo 10:13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Elabena “ame sia ame si yɔa Yehowa* ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe