28 Esia megawɔ nuku na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe,+29 eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi, eye ame siwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.+
12 Ke ne wole gbeƒã ɖem be wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la,+ aleke wɔ mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o?