-
Dɔwɔwɔwo 13:45, 46Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
45 Esi Yudatɔwo kpɔ amehaawo la, woyɔ fũu kple ŋuʋaʋã, eye wode asi busunya gbɔgblɔ me ɖe nya siwo gblɔm Paulo le la ŋu.+ 46 Eye Paulo kple Barnaba gblɔ na wo vɔvɔ̃manɔmee be: “Ehiã be woagblɔ Mawu ƒe nya la na mi gbã.+ Gake esi miegbe nya la, eye miele mia ɖokui bum be yewomedze na agbe mavɔ o ta la, kpɔ ɖa, míetrɔ ɖe dukɔwo ŋu.+
-
-
Dɔwɔwɔwo 22:21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 Ke hã, egblɔ nam be, ‘Heyi, elabena madɔ wò ɖe dukɔ siwo le didiƒe ʋĩi la gbɔ.’ ”+
-
-
Romatɔwo 11:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eya ta mele biabiam be, Ðe wokli nu hedze anyi keŋkeŋua? Gbeɖe! Ke boŋ woƒe afɔ baɖa ɖeɖe la zu ɖeɖekpɔkpɔ na dukɔwo me tɔwo, ale be wòana woaʋã ŋu.+
-