38 “Eya ta nɔviwo, minya esia be, to ame sia dzi la, wole gbeƒã ɖem nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke na mi;+39 eye le nu siwo katã me womate ŋu abu mi ame maɖifɔwoe le Mose ƒe Sea+ me o la, wobua ame sia ame si xɔna sena la ame maɖifɔe to ame sia ya dzi.+
14 ekema ɖe Kristo la,+ ame si to gbɔgbɔ mavɔ ƒe dɔwɔwɔ dzi tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsa si ŋu mokaka mele o ene la, ƒe ʋu maklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me geɖe wu,+ ale be míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la oa?+