23 nenye be mieyi edzi lé xɔse la me ɖe asi,+ woɖo mi ɖe eƒe gɔmeɖoanyi la dzi,+ mieli ke sesĩe,+ eye miena wote mi ɖa tso nya nyui si miese, si woɖe gbeƒãe le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome la ƒe mɔkpɔkpɔ gbɔ o ko.+ Nya nyui sia ƒe subɔlae nye, Paulo mezu.+