20 Ke míawo la, míaƒe dumevinyenye+ le dziƒo,+ eye afi mae míele lalam vevie be ɖela, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo, natso ava,+ 21 ame si atrɔ míaƒe ŋutilã si bɔbɔ ɖe anyi la wòaɖi eƒe ŋutilã si wodo ŋutikɔkɔe na la,+ to eƒe ŋusẽ triakɔ si ana wòabɔbɔ nuwo katã ɖe eɖokui te la dzi.+