-
Romatɔwo 16:25, 26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Ke Mawu ate ŋu ana miali ke sesĩe le nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem mele le Yesu Kristo ŋu la nu. Nya nyui sia ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔe+ si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke, si woɖe fia azɔ la ŋu. 26 Woɖe nya ɣaɣla sia fia azɔ, eye woto Nyagblɔɖigbalẽwo dzi na wòdze ƒãa le dukɔwo katã me, le ɖekawɔwɔ me kple Mawu mavɔmavɔtɔ la ƒe sedede la, ale be amewo naxɔe ase ahaɖo toe.
-