5 Ke Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa la nena tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si le mia nɔewo dome, 6 be miatsɔ tame ɖeka+ kple nusɔsɔe akafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa.
10 Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be, mi katã miaƒe nu nasɔ, eye mama naganɔ mia dome o,+ ke boŋ miawɔ ɖeka bliboe le susu kple nuŋububu ɖeka ma ke me.+