-
1 Samuel 17:34-36Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
34 Eye David gblɔ na Saul be: “Wò subɔvi nɔ fofoa ƒe alẽhawo kplɔm eye dzata+ aɖe va lé alẽ ɖeka le lãha la dome, ɣebubuɣi sisiblisi aɖe hã va lé alẽ ɖeka. 35 Ale meti wo yome, eye meƒo wo ƒu anyi heɖee le woƒe nu me. Esi dzata la tso ɖe ŋunye la, melé eƒe kɔdza,* eye meƒoe ƒu anyi hewui. 36 Wò subɔvi ƒo dzata kple sisiblisi la siaa ƒu anyi, eye anɔ na Filistitɔ aʋamatsomatsotɔ sia hã abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu.”+
-