INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 22:5, 6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ le Petor,+ wo dedu me le Tɔsisi* la nu, be woayɔe vɛ. Eɖo gbe ɖee be: “Kpɔ ɖa! Dukɔ aɖee nye esi ʋu tso Egipte. Wotsyɔ anyigba la ŋkume,+ eye wote tum! 6 Eya ta meɖe kuku, va ƒo fi de dukɔ sia nam,+ elabena wosesẽ wum. Ðewohĩ mate ŋu asi wo ahanya wo ɖa le anyigba la dzi; elabena menyae nyuie be, ame si nèyra la nyea yayratɔ, eye ame si nèƒo fi de la nyea fiƒodeme.”

  • Yuda 11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Baba na wo, elabena woto Kain+ ƒe ʋe me, eye woƒu du dze Bileam+ ƒe mɔ vɔ̃ɖi la dzi hena fetu, eye wotsrɔ̃ le Kora+ ƒe nuƒoƒo aglãdzedzetɔe+ la me!

  • Nyaɖeɖefia 2:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 “‘Ke hã, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋuwò: eyae nye be ame siwo lé Bileam+ ƒe nufiafia me ɖe asi la le gbɔwò afi ma; ame sia fia Balak+ be wòada nukikli ɖe Israel-viwo ŋgɔ, ne woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo, eye woaƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe