-
Nyaɖeɖefia 18:2, 3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ aɖe gblɔ be: “Emu loo! Babilon Gã la mu,+ eye wòzu gbɔgbɔ vɔ̃wo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã kpakple xe makɔmakɔ siwo wotsri la katã ƒe nɔƒe!+ 3 Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ* ƒe dzodzro sesẽ ƒe wain la mu,+ eye anyigbadzifiawo wɔ ahasi* kplii,+ eye anyigbadzisitsalawo* zu kesinɔtɔwo le eƒe agbeɖuɖu vivivo la ƒe ŋusẽ ŋuti.”
-