10 wobua mí abe ame siwo le nu xam ene, gake míekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi, abe ame dahewo ene, gake míenaa ame geɖewo zua kesinɔtɔwo, abe ame siwo si naneke mele o ene, evɔ nuwo katã le mía si hafi.+
18 Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu ame,+19 ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna,+ be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.+
5 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mise nya sia. Ðe Mawu metia ame siwo nye ame dahewo le xexea ƒe nukpɔkpɔ nu, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me+ kple domenyilawo le Fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la me oa?+