12“Ɣemaɣi la, Mikael,*+ amegã+ si do le mia deviwo ta la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o la ava. Woaxɔ na wò dukɔ ɣemaɣi,+ woaxɔ na ame sia ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbalẽ la me.+
3 Ɛ̃, mele kuku ɖem na wò hã, nye hadɔwɔla vavã, be nànɔ kpekpem ɖe nyɔnu siawo ŋu, ame siwo ʋli kplim aduadu le nya nyui la ta hekpe ɖe Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo ŋu, ame siwo ƒe ŋkɔwo le agbegbalẽa me.+