Psalmowo
Na henɔ la; ɖe Gitit* ƒe gbe nu. Asaf ƒe ha.+
81 Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu.+
Mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu.
2 Mido ha ɖa, eye miƒo axatsɛ,
Mina saŋku kple kasaŋku viviwo naɖi.
4 Elabena se wònye na Israel,
Yakob ƒe Mawu ƒe ɖoɖo wònye.+
Gbe* si nyemenya o la ɖi mese be:
6 “Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta;+
Eye meɖe eƒe asi ɖa le kusi la ŋu.
Medo wò kpɔ le Meriba* tsi la gbɔ.+ (Sela)
8 Nye dukɔ, see, ne maxlɔ̃ nu wò.
Oo Israel, ne àɖo tom ko.+
9 Mawu tutɔ aɖeke manɔ dowòme o,
Eye màde ta agu na dutamawu aɖeke o.+
10 Nye, Yehowa, ye nye wò Mawu,
Ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.+
Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò wòayɔ.+
11 Gake nye dukɔ la meɖo tom o;
Eye Israel medi be yeabɔbɔ ye ɖokui nam o.+
14 Anye ne mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi kaba;
Anye ne matrɔ nye asi ɖe woƒe ketɔwo ŋu.+
15 Ame siwo léa fu Yehowa la anɔ dzodzom nyanyanya ava bɔbɔ ɖe eŋkume,
Eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.*