INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Dɔwɔwɔwo 23
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Dɔwɔwɔwo Totoɖeme

      • Paulo ƒo nu le Sanhedrin la ŋkume (1-10)

      • Aƒetɔ la do ŋusẽ Paulo (11)

      • Woɖo nugbe be woawu Paulo (12-22)

      • Wokplɔ Paulo yi Kaisarea (23-35)

Dɔwɔwɔwo 23:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 24:15, 16; 2Ko 1:12; Heb 13:18; 1Pe 3:16

Dɔwɔwɔwo 23:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 187

Dɔwɔwɔwo 23:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 22:28

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 187

    Gbetakpɔxɔ,

    11/1/2002, axa 5

Dɔwɔwɔwo 23:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 26:4, 5; Flp 3:4, 5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 187-188

    Gbetakpɔxɔ,

    4/15/2005, axa 31

Dɔwɔwɔwo 23:8

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ʋua eme.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 4:1, 2

Dɔwɔwɔwo 23:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 22:6, 7, 17, 18

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 188

Dɔwɔwɔwo 23:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 18:9
  • +Dw 27:23, 24; 28:23, 30, 31

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 189-191

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    11/2020, axa 13

Dɔwɔwɔwo 23:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo, 1/2019, axa 2

Dɔwɔwɔwo 23:16

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ,

    1/2019, axa 3

Dɔwɔwɔwo 23:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 23:15

Dɔwɔwɔwo 23:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 23:12

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 190-191

Dɔwɔwɔwo 23:23

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Efia, zã ga 9 lɔƒo.

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 191

Dɔwɔwɔwo 23:25

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    12/15/2001, axa 22

Dɔwɔwɔwo 23:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 21:31-33
  • +Dw 16:37; 22:25

Dɔwɔwɔwo 23:28

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 22:30

Dɔwɔwɔwo 23:29

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 25:19

Dɔwɔwɔwo 23:30

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 23:16

Dɔwɔwɔwo 23:31

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 23:23, 24

Dɔwɔwɔwo 23:34

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 21:39; 22:3

Dɔwɔwɔwo 23:35

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 24:1

Bubuwo

Dɔw. 23:1Dw 24:15, 16; 2Ko 1:12; Heb 13:18; 1Pe 3:16
Dɔw. 23:52Mo 22:28
Dɔw. 23:6Dw 26:4, 5; Flp 3:4, 5
Dɔw. 23:8Dw 4:1, 2
Dɔw. 23:9Dw 22:6, 7, 17, 18
Dɔw. 23:11Dw 18:9
Dɔw. 23:11Dw 27:23, 24; 28:23, 30, 31
Dɔw. 23:20Dw 23:15
Dɔw. 23:21Dw 23:12
Dɔw. 23:27Dw 21:31-33
Dɔw. 23:27Dw 16:37; 22:25
Dɔw. 23:28Dw 22:30
Dɔw. 23:29Dw 25:19
Dɔw. 23:30Dw 23:16
Dɔw. 23:31Dw 23:23, 24
Dɔw. 23:34Dw 21:39; 22:3
Dɔw. 23:35Dw 24:1
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
  • 34
  • 35
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Dɔwɔwɔwo 23:1-35

Dɔwɔwɔwo

23 Paulo nɔ Sanhedrin la me tɔwo kpɔm tututu eye wògblɔ be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, metsɔ dzitsinya si ŋuti kɔ bliboe+ zɔ le Mawu ŋkume va se ɖe egbe sia.” 2 Esi wògblɔ esia la, nunɔlagã Anania ɖe gbe na ame siwo tɔ ɖe egbɔ la be woaƒo nugbɔ nɛ. 3 Eye Paulo gblɔ nɛ be: “Mawu aƒo wò, wò, gli si wosi akalo na. Ðe nènɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnum le Se la nu, evɔ nègale Se la dzi dam esi nèɖe gbe be woaƒoma?” 4 Ame siwo tɔ ɖe afi ma la gblɔ nɛ be: “Mawu ƒe nunɔlagã la dzum nèlea?” 5 Eye Paulo gblɔ be: “Nɔviwo, nyemenya be nunɔlagãe wònye o. Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Mègagblɔ nya vlo aɖeke ɖe wò dukɔdziɖula ŋu o.’ ”+

6 Ke esi Paulo de dzesii be akpa ɖeka nye Zadukitɔwo, eye akpa evelia nye Farisitɔwo la, egblɔ sesĩe le Sanhedrin la be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, Farisitɔ+ kple Farisitɔwo ƒe vi menye. Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti mɔkpɔkpɔ la tae wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.” 7 Esi wògblɔ esia la, nyaʋiʋli ɖo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye ameha la dome ma. 8 Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi loo, alo mawudɔla, alo gbɔgbɔ aɖeke meli o, ke Farisitɔwo ya xɔ edzi se* be wo katã woli.+ 9 Eya ta ɣli ɖi hoo, eye agbalẽfiala siwo le Farisitɔwo ƒe akpa dzi la tso, eye wote nyahehe dzikutɔe be: “Míekpɔ vɔ̃ aɖeke le ame sia ŋu o, gake ne gbɔgbɔ aɖe alo mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ+ la, . . .” 10 Azɔ esi nyaʋiʋli la nu va sẽ ɖe edzi la, aʋafiagã la vɔ̃ be woava vuvu Paulo, eye wòɖe gbe be asrafoawo nayi aɖahee tso wo dome, ne woakplɔe ava asrafowo nɔƒe la.

11 Ke le zã si kplɔe ɖo me la, Aƒetɔ la va tsi tsitre ɖe egbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Lé dzi ɖe ƒo!+ Elabena ale si ko nèle ɖase ɖim tsitotsito le ŋunye le Yerusalem la, nenema kee nàɖi ɖase le Roma hã.”+

12 Esi ŋu ke la, Yudatɔwo ɖo nugbe heka atam be, ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano nu o. 13 Ame siwo ɖo nugbe heka atam alea la sɔ gbɔ wu ame blaene. 14 Ame siawo yi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãwo gbɔ gblɔ be: “Míeka atam be ne míewu Paulo o kpaa, míade naneke nu me o. 15 Eya ta mi kple Sanhedrin la mina aʋafiagã la nanya be yewodi be wòakplɔe ava yewo gbɔ, abe ɖe miedi be yewoaku eƒe nya la me tsitotsito wu ene. Gake hafi wòava ɖo afii la, míanɔ klalo awui.”

16 Ke Paulo ƒe nyruiyɔviŋutsu aɖe se ale si wole eɖom be yewoade xa ɖi nɛ la, eye wòge ɖe asrafowo nɔƒe la heva fi tofi na Paulo. 17 Eye Paulo yɔ asrafomegãwo dometɔ ɖeka va egbɔ gblɔ nɛ be: “Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafiagã la gbɔ, elabena nya aɖe le esi wòagblɔ nɛ.” 18 Eya ta ekplɔe yi aʋafiagã la gbɔ, eye wògblɔ be: “Gamenɔla Paulo yɔm eye wòbia tso asinye be makplɔ ɖekakpui sia ava gbɔwò, elabena nya aɖe le esi na wò.” 19 Aʋafiagã la lé eƒe alɔnu, eye wòkplɔe ɖe kpɔe hebiae be: “Nya kae nèdi be yeagblɔ nam?” 20 Egblɔ nɛ be: “Yudatɔwo ɖo tame be yewoabia be nàkplɔ Paulo ava Sanhedrin la etsɔ, abe ɖe wole didim be yewoaku eƒe nyaa me tsitotsito wu tsã ene.+ 21 Gake mègalɔ̃ ɖe edzi na wo o, elabena wo dometɔ siwo wu blaene de xa ɖi nɛ, eye woka atam be, yewomaɖu nu alo ano nu o va se ɖe esime yewowui hafi;+ eye azɔ wole klalo hele mɔ kpɔm be nàlɔ̃ aɖoe ɖa.” 22 Eya ta aʋafiagã la do mɔ ɖekakpuia, gake ede se nɛ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke be yegblɔ nya siawo nam o.”

23 Eye wòyɔ asrafomegãwo dometɔ eve gblɔ na wo be: “Mina asrafo alafa eve kple sɔdola blaadre kpakple akplɔtsɔla alafa eve nadzra ɖo ne woayi Kaisarea le zã ƒe gaƒoƒo etɔ̃lia* dzi. 24 Midi sɔwo hã na Paulo ne wòado ne miakplɔe ayi na nutodziɖula Felike dedie.” 25 Eye wòŋlɔ agbalẽ si me nyawo yi ale:

26 “Nye, Klaudio Lisia ye le agbalẽ sia ŋlɔm na Bubutɔ Nutodziɖula Felike: Medo gbe na wò! 27 Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wode ewu ge kloe, ke mewɔ kaba kplɔ nye asrafowo hexɔ nɛ,+ elabena mese be Romatɔe wònye.+ 28 Esi medi be manya nu si ta wole enu tsom ɖo ta la, mekplɔe yi woƒe Sanhedrin la.+ 29 Mekpɔe be woawo ŋutɔwo ƒe Se+ la ŋu nyaʋiʋliwo tae wotso enu ɖo, gake nutsotsoawo dometɔ aɖeke mefia be edze ku alo dze na gamenɔnɔ o. 30 Ke esi wova fi tofi nam be wole nugbe ɖom ɖe ŋutsu sia ŋu+ ta la, mele eɖom ɖe wò enumake, eye mana enutsolawo nava gblɔ nya siwo wotsɔ ɖe eŋu la le ŋkuwòme.”

31 Ale asrafo siawo kplɔ Paulo+ yi Antipatris le zã me abe ale si wode se na wo ene. 32 Esi ŋu ke la, wona sɔdolawo yi mɔzɔzɔa dzi kplii, ke asrafoawo ya trɔ gbɔ va asrafowo nɔƒea. 33 Sɔdolaawo va ɖo Kaisarea, wotsɔ agbalẽ la na nutodziɖula la, eye wokplɔ Paulo hã de esi. 34 Exlẽ agbalẽa, eye wòbia be nuto ka mee wòtso hã, eye wòva nya be etso Kilikia.+ 35 Egblɔ nɛ be: “Ne nuwòtsolawo hã va ɖo+ la, ekema mase nya siwo katã le asiwò.” Eye wòde se be woadzɔ eŋu le Herodes ƒe fiasã la me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe