INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 13
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

1 Kronika Totoɖeme

      • Wokɔ Nubablaɖaka la tso Kiriat-Yearim (1-14)

        • Uza ku (9, 10)

1 Kronika 13:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 15:25

1 Kronika 13:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 35:2

1 Kronika 13:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 7:2
  • +1Sa 14:18

1 Kronika 13:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “tso Sihor.”

  • *

    Alo, “Hamat ƒe dodonu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 34:2, 8
  • +1Sa 6:21-7:1; 2Sa 6:1, 2; 1Kr 15:3

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    10/1/2005, axa 10

1 Kronika 13:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “dome.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 15:9, 12
  • +2Mo 25:22; 4Mo 7:89; 1Sa 4:4; 2Sa 6:2

1 Kronika 13:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 37:5
  • +2Sa 6:3-8

1 Kronika 13:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 15:20
  • +1Kr 25:1
  • +2Kr 5:13

1 Kronika 13:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 4:15
  • +3Mo 10:1, 2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    2/1/2005, axa 26-27

1 Kronika 13:11

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmee nye, “Wodze Uza Dzi.”

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    10/1/2005, axa 11

1 Kronika 13:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 6:9-11

1 Kronika 13:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 30:27; 39:5

Bubuwo

1 Kron. 13:11Kr 15:25
1 Kron. 13:24Mo 35:2
1 Kron. 13:31Sa 7:2
1 Kron. 13:31Sa 14:18
1 Kron. 13:54Mo 34:2, 8
1 Kron. 13:51Sa 6:21-7:1; 2Sa 6:1, 2; 1Kr 15:3
1 Kron. 13:6Yos 15:9, 12
1 Kron. 13:62Mo 25:22; 4Mo 7:89; 1Sa 4:4; 2Sa 6:2
1 Kron. 13:72Mo 37:5
1 Kron. 13:72Sa 6:3-8
1 Kron. 13:82Mo 15:20
1 Kron. 13:81Kr 25:1
1 Kron. 13:82Kr 5:13
1 Kron. 13:104Mo 4:15
1 Kron. 13:103Mo 10:1, 2
1 Kron. 13:122Sa 6:9-11
1 Kron. 13:141Mo 30:27; 39:5
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Kronika 13:1-14

1 Kronika

13 Azɔ David de adaŋu kple ame akpe ƒe tatɔwo kple ame alafa ƒe tatɔwo kpakple kplɔlawo katã.+ 2 Eye David gblɔ na Israel ƒe ha blibo la be: “Ne enyo mia ŋu, eye wòdze Yehowa mía Mawu la ŋu la, ekema mina míadɔ ame ɖo ɖe mía nɔvi siwo susɔ ɖe Israel nutowo katã me la gbɔ hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi vi siwo le woƒe du+ siwo ŋuti lãnyiƒewo le me la gbɔ, ne woava wɔ ɖeka kpli mí. 3 Eye mina míayi aɖakɔ mía Mawu ƒe Aɖaka+ la gbɔe.” Elabena womelé be nɛ le Saul ŋɔli o.+ 4 Ha blibo la lɔ̃ be yewoawɔe nenema, elabena nya la dze dukɔ blibo la ŋu. 5 Eya ta David ƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Egipte-tɔsisi* la nu va se ɖe keke Lebo-Hamat*+ ke, be woayi aɖakɔ Mawu vavã ƒe aɖaka la tso Kiriat-Yearim+ vɛ.

6 Eye David kple Israel blibo la ho yi Baala,+ le Kiriat-Yearim, si nye Yuda du, be woakɔ Mawu vavã, Yehowa, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo+ tame* la, ƒe Aɖaka, afi si woyɔa eŋkɔ le la, tso afi ma vɛ. 7 Ke wokɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ɖo tasiaɖam+ yeye dzi tso Abinadab ƒe me, eye Uza kple Ahiyo le tasiaɖam+ la kplɔm. 8 David kple Israel ƒe aƒe blibo la le ha dzim, le saŋku, kasaŋku, axatsɛ+ kple gakogoe+ ƒom hele kpẽ+ kum le aseye tsom le Mawu vavã la ŋkume kple woƒe ŋusẽ katã. 9 Gake esi wova ɖo Kidon ƒe nukuƒoƒe la, Uza do asi ɖa lé Aɖaka la, elabena nyiawo na aɖaka la ge kloe. 10 Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Uza ŋu, eye wòƒoe ƒu anyi, le esi wòdo asi ɖa lé Aɖaka+ la ta, eye wòku ɖe afi ma le Mawu ŋkume.+ 11 Gake David do dziku le esi Yehowa ƒe dziku fla ɖe Uza ŋu ta, eye wova yɔ teƒe ma be Perez-Uza* va se ɖe egbe sia.

12 Eye David vɔ̃ Mawu vavã la gbe ma gbe hegblɔ be: “Aleke makɔ Mawu vavã ƒe Aɖaka la ava gbɔnyee?”+ 13 Eya ta David mekɔ Aɖaka la va afi si wòle le David Ƒe Du la me o, ke boŋ ena wòkɔe yi Gititɔ Obed-Edom ƒe me. 14 Eye Mawu vavã ƒe Aɖaka la nɔ Obed-Edom ƒe aƒe me ɣleti etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom ƒemetɔwo kple eƒe nuwo katã.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe