Hiob
8 Eye Suatɔ+ Bildad+ ɖo eŋu be:
2 “Va se ɖe ɣekaɣi nànɔ nu ƒom alea?+
Wò numenyawo nye ya ʋuduʋudu sɔŋ ko!
3 Ðe Mawu ate nya dzɔdzɔe ɖe toa,
Alo ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ gbo dzɔdzɔenyenyea?
4 Ne viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la,
Enana wohea woƒe aglãdzedze ŋuti to na wo;*
5 Gake ne ɖe nàtrɔ ɖe Mawu ŋu+
Eye nàƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la be wòave ye nu,
6 Ne ɖe nèle dzadzɛ hele dzɔdzɔe vavã la,+
Anye ne eɖo to wò xoxo*
Eye wòagada wò ɖe nɔƒe si nèdze na.
7 Eye togbɔ be wò gɔmedzedze nɔ nyaŋui hã,
Àva nye gã le etsɔme.+
8 Taflatsɛ bia nya dzidzime siwo do ŋgɔ,
Eye nàlé ŋku ɖe nu siwo ŋu wo fofowo ke ɖo la ŋu kpɔ.+
9 Míawo la, etsɔviwo ko míenye, eye míenya naneke o,
Elabena vɔvɔli koe míaƒe agbemeŋkekewo nye le anyigba dzi.
10 Ðe womafia nu wò
Ahagblɔ nu si wonya la na wò oa?*
11 Ðe aƒla atsi nyuie ne mele tsiteƒe oa?
Ðe aɖa awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?
12 Ne metsi ɖo sisi me haɖe o hã,
Atre ƒuƒu na gbe bubuawo katã.
13 Aleae wònɔna na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be,*
Elabena ame si mevɔ̃a Mawu o* ƒe mɔkpɔkpɔ nu ayi,
14 Eƒe dziɖoɖo ɖe nu ŋu mele ɖeke me o,
Eye eƒe ŋuɖoɖeŋu le belii abe yiyiɖɔ* ene.
15 Aziɔ ɖe eƒe xɔ ŋu, ke manɔ te o;
Adze agbagba be yeaku ɖe eŋu, ke mali ɖi o.
16 Ele abe ati si kpɔ tsi hewɔ nyuie le ɣetotoe nu ene,
Eye wòɖe alɔ hevu nyuie le eƒe abɔ me.+
17 Eƒe kewo ɖo wo nɔewo me le kpe siwo li kɔ ɖi la me;
Eye wòdia nɔƒe le kpeawo dome.*
20 Mawu megbea nu le nuteƒewɔlawo gbɔ o;
Eye mekpena ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu o,*
21 Elabena agana nukoko nayɔ wò nu me fũu
Eye wòana aseyetsotso nayɔ wò nuyiwo taŋ.
22 Ekema ŋukpe alé ame siwo léa fu wò,
Eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔ maganɔ anyi o.”