Hosea
3 Evɔ wònye nyee fia azɔlizɔzɔ Efrayim,+ eye mekɔa wo ɖe nye abɔwo dome hafi;+
Ke womekpɔe dze sii be meda gbe le yewo ŋu o.
4 Mede lɔlɔ̃ka, si nye amegbetɔ ƒe ka* wo tsɔ kplɔ woe;+
Menɔ na wo abe ame si ɖea kɔkuti le kɔ na ame la ene,
Eye metsɔ nuɖuɖu vɛ na wo dometɔ ɖe sia ɖe beléletɔe.
5 Womagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asiria anye eƒe fia,+
Elabena wogbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.+
7 Nye dukɔ ɖoe be yemawɔ nuteƒe nam o.+
Ne woyɔ wo be woatrɔ ɖe dziƒoʋĩtɔ* la ŋu hã, wo dometɔ aɖeke metsona o.
8 Oo Efrayim,+ aleke wɔ maɖe asi le ŋuwò?
Oo Israel, aleke wɔ matsɔ wò ade asi?
Aleke mawɔ wò abe Adma ene?
Aleke mawɔ wò abe Zeboyim+ ene?
Metrɔ susu;
Eye nye dɔme hã trɔ ɖe ŋuwò.+
9 Nyematrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la aƒo ɖi o.
Nyemagatsrɔ̃ Efrayim azɔ o,+
Elabena Mawu menye, menye amegbetɔ o,
Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome;
Nyematso ɖe mia ŋu le dziku me o.
10 Woadze Yehowa yome, eye wòaɖe gbe abe dzata ene;+
Ne eɖe gbe la, viawo anɔ ƒoƒom tititi atso ɣetoɖoƒe ava.+
11 Woanɔ ƒoƒom tititi abe xevi ene ahatso Egipte ava,
Abe ahɔnɛ ene tso Asiria-nyigba dzi;+
Eye mana woanɔ woƒe aƒewo me,” Yehowa ye gblɔe.+
12 “Efrayim tsɔ alakpa ɖe to ɖem,
Eye Israel ƒe aƒe la hã tsɔ beble ƒo xlãm.+
Ke Yuda gale zɔzɔm kple Mawu kokoko,
Eye wòwɔa nuteƒe na Kɔkɔetɔwo Ƒe Kɔkɔetɔ la.”+