Psalmowo
Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Asaf+ ƒe Kafukafuha. Hadzidzi.
3 Afi mae wòŋe aŋutrɔ bibiwo,
Akpoxɔnu kple yi kpakple aʋawɔnuwo le.+ (Sela)
4 Èle keklẽm ale gbegbe;*
Wò bubu kɔ gbɔ to siwo dzi nuléle bɔ ɖo ŋu.
5 Woha kalẽtɔ siwo ƒo dzi le la.+
Woyi alɔ̃ me;
Wɔna vɔ le aʋakalẽawo katã ŋu.+
6 Oo Yakob ƒe Mawu, esi nènya blu ko la,
Tasiaɖamdola kple sɔ siaa yi alɔ̃ me ʋĩi.+
7 Wò ɖeka ko ŋue ŋɔdzi le.+
Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ la nu?+
8 Èna wose wò afiatsotso tso dziƒo;+
Anyigba vɔ̃, eye ɖoɖoe zi le enu+
9 Esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,
Be yeaxɔ na ame fafa siwo katã le anyigba la dzi.+ (Sela)
11 Miɖe adzɔgbe na Yehowa mia Mawu la, eye miwɔ edzi,+
Ame siwo katã le eŋu godoo netsɔ woƒe nunana vɛ le mawuvɔvɔ̃ me.+
12 Eyae abɔbɔ kplɔlawo ƒe dada* ɖe anyi;
Enana ŋɔdzi léa anyigbadzifiawo.