INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 22
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Yuda-fia Ahaziya (1-9)

      • Ataliya xɔ zia sesẽe (10-12)

2 Kronika 22:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Ame sia kee woyɔ le 2Kr 21:17 be “Yehoahaz.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 21:16, 17
  • +2Fi 8:24-26

2 Kronika 22:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “vinyɔnu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 11:1, 13, 16; 2Kr 24:7
  • +1Fi 16:28

2 Kronika 22:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 16:33; 2Fi 8:27, 28; Mik 6:16

2 Kronika 22:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 8:15; 10:32
  • +1Fi 22:3; 2Kr 18:14

2 Kronika 22:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Hebri asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo yɔe be, “Azariya.”

  • *

    Alo, “ele dɔ lém.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 19:18, 23
  • +2Fi 9:15
  • +2Fi 8:16
  • +2Fi 3:1
  • +2Fi 9:16

2 Kronika 22:7

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “viŋutsu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 19:16; 2Fi 9:20, 21
  • +2Fi 9:6, 7

2 Kronika 22:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 10:10-14

2 Kronika 22:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 9:27, 28
  • +2Kr 17:3, 4

2 Kronika 22:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “fiaɖuƒe ƒe dzidzime.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 22:2
  • +2Fi 11:1-3

2 Kronika 22:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 11:21
  • +2Fi 8:16
  • +2Kr 23:1
  • +2Sa 7:12, 13; 1Fi 15:4; 2Kr 21:7

Bubuwo

2 Kron. 22:12Kr 21:16, 17
2 Kron. 22:12Fi 8:24-26
2 Kron. 22:22Fi 11:1, 13, 16; 2Kr 24:7
2 Kron. 22:21Fi 16:28
2 Kron. 22:31Fi 16:33; 2Fi 8:27, 28; Mik 6:16
2 Kron. 22:52Fi 8:15; 10:32
2 Kron. 22:51Fi 22:3; 2Kr 18:14
2 Kron. 22:6Yos 19:18, 23
2 Kron. 22:62Fi 9:15
2 Kron. 22:62Fi 8:16
2 Kron. 22:62Fi 3:1
2 Kron. 22:62Fi 9:16
2 Kron. 22:71Fi 19:16; 2Fi 9:20, 21
2 Kron. 22:72Fi 9:6, 7
2 Kron. 22:82Fi 10:10-14
2 Kron. 22:92Fi 9:27, 28
2 Kron. 22:92Kr 17:3, 4
2 Kron. 22:102Kr 22:2
2 Kron. 22:102Fi 11:1-3
2 Kron. 22:112Fi 11:21
2 Kron. 22:112Fi 8:16
2 Kron. 22:112Kr 23:1
2 Kron. 22:112Sa 7:12, 13; 1Fi 15:4; 2Kr 21:7
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 22:1-12

2 Kronika

22 Eye Yerusalem nɔlawo tsɔ viaŋutsu ɖevitɔ Ahaziya* ɖo fiae ɖe eteƒe, elabena adzoha siwo kpe ɖe Arabiatɔwo ŋu va asaɖa la me la wu xoxoetɔwo katã.+ Eya ta Ahaziya, Yehoram vi, zu Yuda-fia.+ 2 Ahaziya xɔ ƒe blaeve vɔ eve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Ataliya,+ si nye Omri+ tɔgbuiyɔvi.*

3 Eya hã to Ahab+ ƒe aƒe la ƒe ʋe me, elabena dadae ɖoa nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe aɖaŋu nɛ. 4 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe Ahab ƒe aƒe la ene, elabena woawoe zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe hena eƒe gbegblẽ. 5 Woƒe aɖaŋuɖoɖo nue wòzɔ le, eye wòkplɔ Ahab vi Yehoram, si nye Israel-fia la ɖo yi aʋa wɔ ge kple Siria-fia Hazael+ le Ramot-Gilead,+ afi si aŋutrɔdalawo de abi Yehoram ŋu le. 6 Eya ta etrɔ yi Yezreel+ be woakpɔ abi si wode eŋu le Rama esime wònɔ aʋa wɔm kple Siria-fia Hazael la gbɔ nɛ.+

Ke Yuda-fia Ahaziya,* Yehoram+ vi, yi be yeakpɔ Ahab vi Yehoram+ ɖa le Yezreel, elabena exɔ abi.*+ 7 Ke Mawu gbɔe Ahaziya ƒe anyidzedze tso esi wòyi Yehoram gbɔ; esi wòyi la, eya kple Yehoram woyi ɖakpe Yehu,+ Nimsi tɔgbuiyɔvi,* ame si Yehowa si ami na be wòatsrɔ̃ Ahab ƒe aƒe la.+ 8 Esi Yehu ho ɖe Ahab ƒe aƒe la ŋu be yeatsrɔ̃e la, ekpɔ Yuda-megãwo kple Ahaziya nɔviŋutsuwo ƒe vi siwo nye Ahaziya ŋumewo, eye wòwu wo.+ 9 Azɔ edi Ahaziya; wolée le afi si wòbe ɖo le Samaria, eye wokplɔe vɛ na Yehu. Wowui, eye woɖii,+ elabena wogblɔ be: “Yehosafat, ame si di Yehowa kple eƒe dzi blibo+ la, ƒe tɔgbuiyɔvie.” Ame aɖeke meganɔ Ahaziya ƒe aƒe la me si ate ŋu aɖu fia o.

10 Esi Ataliya,+ si nye Ahaziya dada kpɔ be ye vi la ku la, etso hetsrɔ̃ Yuda ƒe aƒe ƒe fiaƒome* blibo la.+ 11 Gake Yehosabat si nye fia la ƒe vinyɔnu fi Yehoas,+ Ahaziya vi, le fiaviŋutsu siwo wu ge wole la dome, eye wòkplɔ eya kple eƒe nonala yi ɖaɣla ɖe xɔ ememetɔ aɖe me. Eye Fia Yehoram+ vinyɔnu Yehosabat (si nye nunɔla Yehoyada+ srɔ̃, ame si nye Ahaziya nɔvinyɔnu) tsɔe ɣla ɖe Ataliya ale be mewui o.+ 12 Enɔ ɣaɣla le wo gbɔ le Mawu vavã ƒe aƒe la me ƒe ade, esime Ataliya nɔ fia ɖum ɖe anyigba la dzi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe