INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Dɔwɔwɔwo 4
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Dɔwɔwɔwo Totoɖeme

      • Wolé Petro kple Yohanes (1-4)

        • Xɔsetɔwo dzi ɖe edzi ɖo ame 5,000 (4)

      • Wodrɔ̃ ʋɔnu wo le Sanhedrin la ŋkume (5-22)

        • ‘Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo o’ (20)

      • Wodo gbe ɖa bia dzideƒo (23-31)

      • Nusrɔ̃lawo ma woƒe nunɔamesiwo kple wo nɔewo (32-37)

Dɔwɔwɔwo 4:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 23:8

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 31

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    3/2020, axa 31

    Gbetakpɔxɔ,

    10/1/2009, axa 28

Dɔwɔwɔwo 4:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 4:33; 17:18

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 31

Dɔwɔwɔwo 4:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lk 21:12

Dɔwɔwɔwo 4:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 2:41; 6:7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 35

Dɔwɔwɔwo 4:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yh 18:13
  • +Mt 26:57; Lk 3:2; Yh 11:49-51

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    4/1/2012, axa 9

Dɔwɔwɔwo 4:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 7:55

Dɔwɔwɔwo 4:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 3:7

Dɔwɔwɔwo 4:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 3:6
  • +Dw 2:36
  • +Dw 2:24; 5:30

Dɔwɔwɔwo 4:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 118:22; Yes 28:16; Mt 21:42; 1Pe 2:7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    8/15/2011, axa 12-13

    7/15/2000, axa 14

Dɔwɔwɔwo 4:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 1:21; Dw 10:43; Flp 2:9, 10
  • +Yh 1:12; 14:6; 1Ti 2:5, 6

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Subɔ Mawu, axa 37

Dɔwɔwɔwo 4:13

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Efia be, womexɔ hehe le rabiwo ƒe suku o. Mefia be wonye agbalẽmanyalawo o.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 11:25; 1Ko 1:26, 27
  • +Yh 7:14, 15

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    9/1/2008, axa 15

    5/15/2008, axa 30

    5/1/2006, axa 23

    Nyɔ!,

    3/8/1998, axa 26

    “Ŋɔŋlɔ Blibo La,” Akpa 1, axa 13

Dɔwɔwɔwo 4:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 3:11
  • +Lk 21:15

Dɔwɔwɔwo 4:15

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Sanhedrin la nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.

Dɔwɔwɔwo 4:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yh 11:47
  • +Dw 3:9, 10

Dɔwɔwɔwo 4:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 5:40

Dɔwɔwɔwo 4:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 5:29

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 22

Dɔwɔwɔwo 4:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lk 22:2; Dw 5:26

Dɔwɔwɔwo 4:24

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 20:11; Neh 9:6; Ps 146:6

Dɔwɔwɔwo 4:25

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 23:1, 2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    7/15/2004, axa 17

Dɔwɔwɔwo 4:26

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Megbenyawo A5.

  • *

    Alo, “eƒe Kristo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 2:1, 2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    7/15/2004, axa 17

Dɔwɔwɔwo 4:27

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lk 23:12
  • +Ps 45:7; Dw 10:38

Dɔwɔwɔwo 4:28

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 53:10; Lk 24:44; Dw 2:23; 1Pe 1:20

Dɔwɔwɔwo 4:29

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Megbenyawo A5.

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Ði Ðase, axa 34-35

Dɔwɔwɔwo 4:30

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 2:43; 5:12
  • +Dw 3:16

Dɔwɔwɔwo 4:31

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wodo gbe ɖa vevie.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 2:2, 4
  • +1Te 2:2

Dɔwɔwɔwo 4:32

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 2:44, 45

Dɔwɔwɔwo 4:33

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 1:21, 22; 4:2

Dɔwɔwɔwo 4:34

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 2:44, 45

Dɔwɔwɔwo 4:35

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 5:1, 2
  • +Dw 6:1

Dɔwɔwɔwo 4:36

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Dw 11:22; 12:25

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1998),

    4/15/1998, axa 20

Dɔwɔwɔwo 4:37

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Lk 12:33

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (1998),

    4/15/1998, axa 20

Bubuwo

Dɔw. 4:1Dw 23:8
Dɔw. 4:2Dw 4:33; 17:18
Dɔw. 4:3Lk 21:12
Dɔw. 4:4Dw 2:41; 6:7
Dɔw. 4:6Yh 18:13
Dɔw. 4:6Mt 26:57; Lk 3:2; Yh 11:49-51
Dɔw. 4:8Dw 7:55
Dɔw. 4:9Dw 3:7
Dɔw. 4:10Dw 3:6
Dɔw. 4:10Dw 2:36
Dɔw. 4:10Dw 2:24; 5:30
Dɔw. 4:11Ps 118:22; Yes 28:16; Mt 21:42; 1Pe 2:7
Dɔw. 4:12Mt 1:21; Dw 10:43; Flp 2:9, 10
Dɔw. 4:12Yh 1:12; 14:6; 1Ti 2:5, 6
Dɔw. 4:13Mt 11:25; 1Ko 1:26, 27
Dɔw. 4:13Yh 7:14, 15
Dɔw. 4:14Dw 3:11
Dɔw. 4:14Lk 21:15
Dɔw. 4:16Yh 11:47
Dɔw. 4:16Dw 3:9, 10
Dɔw. 4:17Dw 5:40
Dɔw. 4:20Dw 5:29
Dɔw. 4:21Lk 22:2; Dw 5:26
Dɔw. 4:242Mo 20:11; Neh 9:6; Ps 146:6
Dɔw. 4:252Sa 23:1, 2
Dɔw. 4:26Ps 2:1, 2
Dɔw. 4:27Lk 23:12
Dɔw. 4:27Ps 45:7; Dw 10:38
Dɔw. 4:28Yes 53:10; Lk 24:44; Dw 2:23; 1Pe 1:20
Dɔw. 4:30Dw 2:43; 5:12
Dɔw. 4:30Dw 3:16
Dɔw. 4:31Dw 2:2, 4
Dɔw. 4:311Te 2:2
Dɔw. 4:32Dw 2:44, 45
Dɔw. 4:33Dw 1:21, 22; 4:2
Dɔw. 4:34Dw 2:44, 45
Dɔw. 4:35Dw 5:1, 2
Dɔw. 4:35Dw 6:1
Dɔw. 4:36Dw 11:22; 12:25
Dɔw. 4:37Lk 12:33
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
  • 31
  • 32
  • 33
  • 34
  • 35
  • 36
  • 37
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Dɔwɔwɔwo 4:1-37

Dɔwɔwɔwo

4 Ke esi ame eveawo le nu ƒom na ameawo la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã kpakple Zadukitɔwo+ va do ɖe wo dzi. 2 Wodo dziku ɖe apostoloawo ŋu be wole nu fiam ameawo, eye wole egblɔm le dutoƒo be Yesu fɔ tso ku me.+ 3 Eya ta wolé wo de gaxɔ me+ va se ɖe esime ŋu ke, elabena fiẽsi ɖo xoxo. 4 Ke ame siwo se nuƒoa la dometɔ geɖewo xɔe se, eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme ade ame akpe atɔ̃.+

5 Esi ŋu ke la, woƒe dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo va kpe ta le Yerusalem, 6 hekpe ɖe nunɔlawo ƒe tatɔ Ana,+ Kayafa,+ Yohanes, Aleksandro kple nunɔlawo ƒe tatɔ la ƒe ƒometɔwo katã ŋu. 7 Wona Petro kple Yohanes va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wobia wo be: “Ŋusẽ kae mietsɔ wɔ nu sia, eye ame ka ƒe ŋkɔ mee miewɔe le?” 8 Ale Petro, ame si gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ fũu+ la, gblɔ na wo be:

“Mi dukɔ la ƒe dziɖulawo kple amegãwo, 9 ne wole nya biam mí egbea le dɔ nyui si míewɔ na tekunɔ+ aɖe ta, eye miedi be yewoanya ame si na ŋutsu sia haya la, 10 ekema mia kple Israel dukɔ blibo la katã minyae be, Yesu Kristo, Nazaretetɔ+ la, ame si miawo miehe ɖe ati ŋu,+ gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome+ la, eya ƒe ŋkɔ mee ŋutsu sia ƒe lãme sẽ le eye wòle tsitre ɖe mia ŋkume. 11 Esiae nye ‘kpe si mi xɔtulawo miebu ɖe naneke me o, si va zu dzogoedzikpe vevitɔ la.’+ 12 Gawu la, xɔxɔ la megale ame bubu aɖeke me o, elabena ŋkɔ+ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, si dzi míato akpɔ xɔxɔ o.”+

13 Ke esi wokpɔ ale si Petro kple Yohanes ƒo nu kakaɖedzitɔe, evɔ wonya be womenya agbalẽ o,* eye wonye ame tsɛwo+ la, woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ. Ale wova dze sii be wonɔ Yesu ŋu.+ 14 Esi wole ame si woda dɔ na la kpɔm wòle tsitre ɖe wo gbɔ+ ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ ɖe wo ŋu o.+ 15 Eya ta woɖe gbe na wo be woado le Sanhedrin* takpexɔ la me, eye wode adaŋu kple wo nɔewo 16 gblɔ be: “Nu kae míawɔ ame siawo?+ Elabena vavãe, wowɔ dzesi gã aɖe to wo dzi, eye Yerusalem nɔlawo katã kpɔe,+ eye míate ŋu asẽ nu le eŋu o. 17 Gake be wòagakaka ɖe edzi geɖe wu le dukɔ la dome o la, mina míado ŋɔdzi na wo vevie be woagaƒo nu na ame aɖeke le ŋkɔ sia dzi azɔ o.”+

18 Ale woyɔ wo vɛ, eye wode se na wo be woagagblɔ nya aɖeke kura alo afia nu le Yesu ƒe ŋkɔ me azɔ o. 19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Ne edzɔ le Mawu ŋkume be míaɖo to miawo wu Mawu la, miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ. 20 Ke míawo ya míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.”+ 21 Eya ta esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi vɔ la, woɖe asi le wo ŋu, le esi womekpɔ naneke si dzi woanɔ te ɖo ahe to na wo o ta,+ elabena ameawo katã le Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. 22 Elabena ame si woda dɔa na nukutɔe la xɔ wu ƒe blaene.

23 Esi woɖe asi le wo ŋu la, woyi wo tɔwo gbɔ, eye woka nya siwo nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãwo gblɔ na wo la ta na wo. 24 Esi wosee la, wo katã wokɔ gbe dzi na Mawu ɖekae gblɔ be:

“Aƒetɔ Dziɖulagã, wòe nye Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple wo me nuwo katã,+ 25 eye nèto gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi na mía tɔgbui David,+ wò subɔla gblɔ ɖi be: ‘Nu ka tae dukɔwo le nyanyram, eye amewo le adaŋu dem dzodzro? 26 Anyigbadzifiawo tso, eye dziɖulawo ƒo takpli ɖe Yehowa* kple eƒe amesiamina* la ŋu.’+ 27 Elabena le nyateƒe me la, Herodes kple Pontio Pilato+ kpakple dukɔwo me tɔwo kple Israel dukɔwo ƒo ƒu ɖekae ɖe du sia me ɖe wò subɔla kɔkɔe Yesu, si nèsi ami na+ la ŋu, 28 be woawɔ nu si nèɖo ɖi do ŋgɔ be wòadzɔ le wò ŋusẽ kple lɔlɔ̃nu me+ la. 29 Ke azɔ Yehowa,* kpɔ woƒe ŋɔdzidonamewo ɖa, eye nàna wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo geɖe, 30 esi nèdo wò asi ɖa hena amewo kpɔ dɔyɔyɔ, eye dzesiwo kple nukunuwo le eme vam+ to wò subɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.”+

31 Esi woƒo koko vevie* alea vɔ la, teƒe si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã fũu,+ eye wole Mawu ƒe nya la gblɔm dzinɔameƒotɔe.+

32 Ame gbogbo siwo xɔe se la hã ƒe dzi kple luʋɔ* wɔ ɖeka, eye wo dometɔ ɖeka pɛ hã megblɔna be nu siwo le ye si la nye ye ŋutɔ ye tɔ o, ke boŋ wowɔa nuwo katã ɖekae.+ 33 Eye apostoloawo tsɔ ŋusẽ gã yi edzi le ɖase ɖim le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi+ la ŋu, eye Mawu ve wo katã nu geɖe. 34 Nyateƒee, hiã metu ame aɖeke le wo dome o,+ elabena ame siwo katã si anyigba alo aƒe le la dzraa wo, eye wotsɔa ga si wokpɔ la vanɛ, 35 eye wotsɔa wo va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔnu.+ Azɔ womanɛ na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.+ 36 Eye Yosef, si apostoloawo gayɔna be Barnaba+ (si gɔmee nye “Akɔfafavi”), eye wònye Lewitɔ, Kipro vidzidzi, 37 si si anyigba aɖe le la, dzrae, eye wòtsɔ ga la va da ɖe apostoloawo ƒe afɔnu.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe