INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 24
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Yehoas ƒe dziɖuɖu (1-3)

      • Yehoas gbugbɔ dzra gbedoxɔ la ɖo (4-14)

      • Yehoas gbe xɔse (15-22)

      • Wowu Yehoas (23-27)

2 Kronika 24:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Wogayɔnɛ be Yoas.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 11:21
  • +1Mo 21:14; 2Sa 3:10; 2Fi 12:1

2 Kronika 24:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:2

2 Kronika 24:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 22:3-5

2 Kronika 24:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:4, 5; 2Kr 29:1, 3; 34:9, 10
  • +2Fi 12:6

2 Kronika 24:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:7
  • +2Mo 30:12-16
  • +4Mo 1:50

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo, 9/2020, axa 3

2 Kronika 24:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 22:2, 3
  • +2Kr 28:24

2 Kronika 24:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mr 12:41
  • +2Fi 12:9

2 Kronika 24:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 30:12-16; Neh 10:32; Mt 17:24

2 Kronika 24:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “va se ɖe esime wo katã wodzɔ nu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Kr 29:9

2 Kronika 24:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:10

2 Kronika 24:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:11, 12; 2Kr 34:10, 11

2 Kronika 24:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Mo 37:16; 4Mo 7:84
  • +4Mo 28:3

2 Kronika 24:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 2:10
  • +2Kr 23:1

2 Kronika 24:18

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “ale be wodo dziku.”

2 Kronika 24:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 17:13, 14; 2Kr 36:15, 16; Yr 7:25, 26

2 Kronika 24:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 23:11
  • +5Mo 29:24, 25; 1Kr 28:9; 2Kr 15:2

2 Kronika 24:21

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yr 11:19
  • +Mt 23:35; Lk 11:51

2 Kronika 24:22

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Efia, Zakariya fofo.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 9:5; Ps 94:1; Yr 11:20; Heb 10:30

2 Kronika 24:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:17
  • +2Kr 24:17, 18

2 Kronika 24:24

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Efia, Siriatɔwo.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 26:17, 37; 5Mo 32:30

2 Kronika 24:25

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wode dɔ geɖe lãme nɛ.”

  • *

    Alo, “vi.” Anɔ eme be bubudede ame ŋu tae wozã “viwo” ɖo.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 24:20, 21
  • +2Fi 12:20
  • +2Sa 5:9; 1Fi 2:10
  • +2Kr 21:16, 20; 28:27

2 Kronika 24:26

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 12:21

2 Kronika 24:27

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “numekɔkɔwo; numeɖeɖewo.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 24:20
  • +2Kr 24:13

Bubuwo

2 Kron. 24:12Fi 11:21
2 Kron. 24:11Mo 21:14; 2Sa 3:10; 2Fi 12:1
2 Kron. 24:22Fi 12:2
2 Kron. 24:42Fi 22:3-5
2 Kron. 24:52Fi 12:4, 5; 2Kr 29:1, 3; 34:9, 10
2 Kron. 24:52Fi 12:6
2 Kron. 24:62Fi 12:7
2 Kron. 24:62Mo 30:12-16
2 Kron. 24:64Mo 1:50
2 Kron. 24:72Kr 22:2, 3
2 Kron. 24:72Kr 28:24
2 Kron. 24:8Mr 12:41
2 Kron. 24:82Fi 12:9
2 Kron. 24:92Mo 30:12-16; Neh 10:32; Mt 17:24
2 Kron. 24:101Kr 29:9
2 Kron. 24:112Fi 12:10
2 Kron. 24:122Fi 12:11, 12; 2Kr 34:10, 11
2 Kron. 24:142Mo 37:16; 4Mo 7:84
2 Kron. 24:144Mo 28:3
2 Kron. 24:161Fi 2:10
2 Kron. 24:162Kr 23:1
2 Kron. 24:192Fi 17:13, 14; 2Kr 36:15, 16; Yr 7:25, 26
2 Kron. 24:202Kr 23:11
2 Kron. 24:205Mo 29:24, 25; 1Kr 28:9; 2Kr 15:2
2 Kron. 24:21Yr 11:19
2 Kron. 24:21Mt 23:35; Lk 11:51
2 Kron. 24:221Mo 9:5; Ps 94:1; Yr 11:20; Heb 10:30
2 Kron. 24:232Fi 12:17
2 Kron. 24:232Kr 24:17, 18
2 Kron. 24:243Mo 26:17, 37; 5Mo 32:30
2 Kron. 24:252Kr 24:20, 21
2 Kron. 24:252Fi 12:20
2 Kron. 24:252Sa 5:9; 1Fi 2:10
2 Kron. 24:252Kr 21:16, 20; 28:27
2 Kron. 24:262Fi 12:21
2 Kron. 24:272Kr 24:20
2 Kron. 24:272Kr 24:13
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 24:1-27

2 Kronika

24 Yehoas* xɔ ƒe adre esime wòzu fia,+ eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibiya tso Beer-Seba.+ 2 Yehoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume le nunɔla+ Yehoyada ƒe ŋkekeawo katã me. 3 Yehoyada ɖe srɔ̃ eve nɛ, eye wòdzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.

4 Le nu siawo megbe la, Yehoas di vevie tso dzi me be yeaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo.+ 5 Eya ta eƒo nunɔlawo kple Lewi viwo nu ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miyi Yuda duwo me, eye midzɔ ga le Israel blibo la katã si, ne miaɖɔ mia Mawu ƒe aƒe+ la ɖo ƒe sia ƒe; mitso ɖe nu sia ŋu kaba.” Gake Lewi viwo metso ɖe eŋu kaba o.+ 6 Eye fia la yɔ nunɔlagã Yehoyada biae be:+ “Nu ka tae mèbia tso Lewi viwo si be woaxɔ adzɔ kɔkɔe si ƒe se Yehowa subɔla Mose+ de be woaxɔ le Israel-viwo ƒe ha la si, tso Yuda kple Yerusalem hena Ðaseɖiɖigbadɔ+ la o? 7 Elabena Ataliya,+ nyɔnu vɔ̃ɖi ma, ƒe viwo ge ɖe Mawu vavã la ƒe aƒe+ la me sesẽe, eye wozã Yehowa ƒe aƒe la me nu kɔkɔeawo katã na Baalwo.” 8 Azɔ fia la de se wowɔ aɖaka+ aɖe tsɔ da ɖe gota le Yehowa ƒe aƒe+ la ƒe agbo la nu. 9 Emegbe ena woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem godoo be woatsɔ adzɔ kɔkɔe+ si Mawu vavã la ƒe subɔla Mose ɖo na Israel le gbea dzi la vɛ na Yehowa. 10 Eye amegãwo katã kple dukɔ blibo la katã kpɔ dzidzɔ,+ eye wotsɔa woƒe adzɔwo va dana ɖe aɖaka la me va se ɖe esime aɖaka la yɔ.*

11 Ɣesiaɣi si Lewi viwo tsɔ aɖaka la vɛ be woatsɔe ayi na fia la, eye wokpɔ be ga sɔ gbɔ ɖe eme ko la, fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlawo ƒe tatɔ ƒe dɔdzikpɔla va trɔnɛ le aɖaka la me,+ eye wogakɔnɛ va dana ɖe eteƒe. Aleae wowɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, ale be woƒo ga gbogbo aɖe nu ƒu. 12 Azɔ fia la kple Yehoyada tsɔnɛ dea asi na Yehowa ƒe aƒe+ la ƒe dɔnunɔlawo, eye woyina ɖatsɔa kpefulawo kple aɖaŋudɔwɔlawo, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo, eye wotsɔa gayibɔ kple akɔbli ŋu dɔwɔlawo hã, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo. 13 Dɔdzikpɔlaawo na wodze dɔa gɔme, eye ɖɔɖɔɖodɔa yi ŋgɔ le woƒe dzikpɔkpɔ te, ale wona Mawu vavã la ƒe aƒe la va le abe ale si wòle be wòanɔ ene, eye ŋusẽ ɖo eŋu. 14 Esi wowu dɔa nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoyada, eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu siwo nye subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, kpluwo, sikanuwo kple klosalonuwo.+ Eye wosaa numevɔ+ le Yehowa ƒe aƒe la me ɖaa le Yehoyada ƒe ŋkekeawo katã me.

15 Yehoyada tsi, eye agbenɔnɔ ɖi kɔ nɛ hafi wòku; exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ le eƒe kuɣi. 16 Eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me ɖe fiawo xa,+ elabena ewɔ nyui na Israel+ kple Mawu vavã la kpakple Mawu ƒe aƒe la.

17 Le Yehoyada ƒe ku megbe la, Yuda-megãwo va bɔbɔ ɖe fia la ŋkume, eye fia la ɖo to wo. 18 Eya ta wogblẽ Yehowa wo tɔgbuiwo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi hede asi Aserawo* kple legba bubuwo subɔsubɔ me, ale be Mawu do dziku* ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu le woƒe fɔɖiɖi ta. 19 Yehowa dɔa nyagblɔɖilawo ɖe wo be woatrɔ wo ɖe ye ŋu, woxlɔ̃ nu wo ʋuu gake womeɖo to o.+

20 Eye Mawu ƒe gbɔgbɔ va nunɔla Zakariya, Yehoyada+ vi dzi, ale be wòtɔ ɖe dukɔ la ŋgɔ hegblɔ na wo be: “Ale Mawu vavã la gblɔe nye esi, ‘Nu ka tae miele Yehowa ƒe sededewo dzi dam? Nu madze edzi na mi o! Esi miegblẽ Yehowa ɖi ta la, eya hã agblẽ mi ɖi.’”+ 21 Ke woɖo nugbe ɖe eŋu,+ eye woƒu kpee wòku ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu.+ 22 Fia Yehoas meɖo ŋku ale si fofoa* Yehoyada ve enu la dzi o, ale be wòwu via Zakariya; esime wònɔ kukum la egblɔ be: “Yehowa nekpɔe, ne wòaɖo eteƒe.”+

23 Esi ƒe trɔ la, Siriatɔwo ƒe aʋakɔ aɖe ho ɖe Yehoas ŋu, eye wova dze Yuda kple Yerusalem dzi.+ Wotsrɔ̃ dukɔ la ƒe amegãwo+ katã, eye woɖo woƒe aboyonuwo katã ɖe Damasko-fia. 24 Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la nye hã la, Yehowa tsɔ aʋakɔ si me ame gbogbo aɖewo le la de asi na wo,+ le esi wogblẽ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi ta; ale wohe* to na Yehoas. 25 Esi wodzo le egbɔ (le abidede eŋu vevie* megbe la), eya ŋutɔ ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu le nunɔla Yehoyada viwo*+ ƒe ʋu ta. Wowui le eya ŋutɔ ƒe aba dzi.+ Ale wòku, eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me,+ gake womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.+

26 Ame siwo ɖo nugbe ɖe eŋu+ la woe nye: Zabad, si nye Amoni-nyɔnu Simeat ƒe vi, kple Yehozabad, si nye Moab-nyɔnu Simrit ƒe vi. 27 Ke viawo kple nya gbogbo siwo wogblɔ ɖe eŋu+ kpakple ale si wogbugbɔ ɖɔ Mawu vavã la ƒe aƒe+ la ɖo yi keke eƒe agunu ke la, woŋlɔ nu siawo katã ɖe Fiawo Ƒe Agbalẽ me nuŋlɔɖiwo* me. Eye via Amaziya zu fia ɖe eteƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe