INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 26
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

2 Kronika Totoɖeme

      • Yuda-fia Uziya (1-5)

      • Uziya ƒe aʋadziɖuɖuwo (6-15)

      • Anyidɔ ƒo ɖe Uziya dadala la ŋu (16-21)

      • Uziya ku (22, 23)

2 Kronika 26:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 1:8
  • +2Fi 14:21

2 Kronika 26:2

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Efia, fofoa Amaziya.

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Fi 9:26; 2Fi 16:6
  • +2Fi 14:22

2 Kronika 26:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 1:1; 6:1
  • +2Fi 15:2

2 Kronika 26:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 14:1, 3

2 Kronika 26:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 14:7; Ps 1:2, 3

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    12/15/2007, axa 10

2 Kronika 26:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Sa 8:1; 2Kr 21:16; Yes 14:29
  • +1Kr 18:1
  • +Yos 15:11, 12
  • +Yos 15:20, 46; 1Sa 5:1

2 Kronika 26:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 17:11

2 Kronika 26:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:36, 38; Ʋɔn 11:15

2 Kronika 26:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 14:2, 7
  • +2Fi 14:13; Yr 31:38; Zak 14:10
  • +Neh 3:13

2 Kronika 26:10

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, eɖe tsidowo ɖe agakpewo me.

  • *

    Alo, “bali me.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 9:17

2 Kronika 26:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 24:11
  • +4Mo 1:2, 3; 2Sa 24:9

2 Kronika 26:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 11:1; 13:3; 14:8; 17:14; 25:5

2 Kronika 26:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 11:5, 12
  • +1Sa 17:4, 5
  • +Ʋɔn 20:16; 1Sa 17:49; 1Kr 12:1, 2

2 Kronika 26:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 14:2, 7

2 Kronika 26:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 1:51

2 Kronika 26:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +4Mo 16:39, 40; 18:7
  • +2Mo 30:7; 1Kr 23:13

2 Kronika 26:19

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “kpodɔ.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Kr 16:10; 25:15, 16
  • +4Mo 12:10; 2Fi 5:27

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, axa 1700

2 Kronika 26:20

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, axa 1697

2 Kronika 26:21

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “kpodɔléla.”

  • *

    alo, “fiasã.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +3Mo 13:45, 46; 4Mo 5:2; 12:14, 15
  • +2Fi 15:5-7

2 Kronika 26:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 1:1; 6:1

2 Kronika 26:23

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Fi 15:32

Bubuwo

2 Kron. 26:1Mt 1:8
2 Kron. 26:12Fi 14:21
2 Kron. 26:21Fi 9:26; 2Fi 16:6
2 Kron. 26:22Fi 14:22
2 Kron. 26:3Yes 1:1; 6:1
2 Kron. 26:32Fi 15:2
2 Kron. 26:42Fi 14:1, 3
2 Kron. 26:52Kr 14:7; Ps 1:2, 3
2 Kron. 26:62Sa 8:1; 2Kr 21:16; Yes 14:29
2 Kron. 26:61Kr 18:1
2 Kron. 26:6Yos 15:11, 12
2 Kron. 26:6Yos 15:20, 46; 1Sa 5:1
2 Kron. 26:72Kr 17:11
2 Kron. 26:81Mo 19:36, 38; Ʋɔn 11:15
2 Kron. 26:92Kr 14:2, 7
2 Kron. 26:92Fi 14:13; Yr 31:38; Zak 14:10
2 Kron. 26:9Neh 3:13
2 Kron. 26:102Fi 9:17
2 Kron. 26:112Kr 24:11
2 Kron. 26:114Mo 1:2, 3; 2Sa 24:9
2 Kron. 26:132Kr 11:1; 13:3; 14:8; 17:14; 25:5
2 Kron. 26:142Kr 11:5, 12
2 Kron. 26:141Sa 17:4, 5
2 Kron. 26:14Ʋɔn 20:16; 1Sa 17:49; 1Kr 12:1, 2
2 Kron. 26:152Kr 14:2, 7
2 Kron. 26:164Mo 1:51
2 Kron. 26:184Mo 16:39, 40; 18:7
2 Kron. 26:182Mo 30:7; 1Kr 23:13
2 Kron. 26:192Kr 16:10; 25:15, 16
2 Kron. 26:194Mo 12:10; 2Fi 5:27
2 Kron. 26:213Mo 13:45, 46; 4Mo 5:2; 12:14, 15
2 Kron. 26:212Fi 15:5-7
2 Kron. 26:22Yes 1:1; 6:1
2 Kron. 26:232Fi 15:32
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Kronika 26:1-23

2 Kronika

26 Azɔ Yuda dukɔ blibo la tsɔ Uziya,+ si xɔ ƒe wuiade la ɖo fia ɖe fofoa Amaziya teƒe.+ 2 Eyae gbugbɔ tso Elot+ dua, eye wògazu Yuda tɔ esi wotsɔ fia* la mlɔ tɔgbuiawo gbɔ megbe.+ 3 Uziya+ xɔ ƒe wuiade esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem.+ 4 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa Amaziya wɔ ene.+ 5 Edi Mawu le Zakariya, ame si fia Mawu vavã la vɔvɔ̃e la ƒe ŋkekeawo me. Ɣeyiɣi siwo me wòdi Yehowa la, Mawu vavã la na nu dze edzi nɛ.+

6 Eho yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo,+ eye wògbã Gat+ kple Yabne+ kpakple Asdod+ ƒe gliwo. Eye wòtso duwo ɖe Asdod nuto la me kple Filistitɔwo ƒe nuto la me. 7 Mawu vavã la kpe ɖe eŋu wòsi Filistitɔwo kple Arabiatɔ+ siwo le Gurbaal kpakple Meunitɔwo. 8 Eye Amonitɔwo+ xea adzɔ na Uziya. Mlɔeba eƒe ŋkɔ de keke Egipte ke, elabena ekpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o. 9 Azɔ hã, Uziya tu xɔ tsralawo+ ɖe Yerusalem, ɖe Dzogoedzigbo+ la xa kple Balimegbo+ la xa kpakple Sɔti la xa, eye wòwɔ wo wosesẽ. 10 Gawu la, etu xɔ tsralawo+ ɖe gbedzi, eye wòɖe tsido geɖewo* (elabena lãha gbogbo aɖe nɔ esi); eye wòwɔe nenema ɖe Sefela* kple tonyigba gbadza la hã dzi. Agbledelawo kple waingbledelawo nɔ esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.

11 Gawu la, aʋawɔla bibiwo nɔ Uziya si siwo nɔa aʋalɔgowo me yia aʋa. Agbalẽŋlɔla+ Yeiel kple dzikpɔla Maaseya, ame siwo le Hananiya si nye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒe kpɔkplɔ te lae xlẽ ameawo heŋlɔ wo ŋkɔ.+ 12 Tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔawo nu siwo le aʋakalẽtɔ siawo nu la katã ƒe xexlẽme le ame akpe eve alafa ade. 13 Aʋakɔ siwo le woƒe kpɔkplɔ te la le ŋutsu akpe alafa etɔ̃ kple adre alafa atɔ̃ siwo le klalo na aʋawɔwɔ, eye wonye aʋakɔ sesẽ siwo kpena ɖe fia la ŋu ɖe futɔwo ŋu.+ 14 Uziya wɔ akpoxɔnuwo, akplɔwo,+ gakukuwo, gawuwo,+ dawo kple akafomekpewo+ na aʋakɔ blibo la katã. 15 Azɔ hã, ena mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo wɔ aʋawɔmɔ̃wo le Yerusalem; woda wo ɖe xɔ tsralawo+ tame kple dzogoewo dzi tsɔ daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo. Ale eƒe ŋkɔ de du, elabena wokpe ɖe eŋu ale gbegbe va se ɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu.

16 Ke esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi, mewɔ nuteƒe na Yehowa eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖe dzudzɔdomlekpui la dzi.+ 17 Enumake nunɔla Azariya kple Yehowa ƒe nunɔla kalẽtɔ blaenyi kplɔe ɖo ge ɖe eme. 18 Eye wotso ɖe Fia Uziya ŋu gblɔ nɛ be: “Oo Uziya, menye wò dɔe wònye be nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o!+ Nunɔla siwo nye Aron+ viwo, ame siwo ŋu wokɔ la koe wòle be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do le kɔkɔeƒe la, elabena mèwɔ nuteƒe o, eye Yehowa Mawu made bubu aɖeke ŋuwò o.”

19 Ke Uziya si lé dzudzɔdosonu ɖe asi be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ la, do dziku vevie;+ eye esi wòdo dziku ɖe nunɔlawo ŋu vevie la, kasia anyidɔ*+ ƒo ɖe eƒe ŋgonu le nunɔlawo ŋkume le Yehowa ƒe xɔ la me, le dzudzɔdomlekpui la xa. 20 Esi nunɔlawo ƒe tatɔ Azariya kple nunɔlawo katã trɔ ɖe eŋu la, wokpɔ be anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu! Eya ta wonyae afɔtsɔtsɔe tso afi ma; eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba do go, elabena Yehowa ƒoe.

21 Ale Fia Uziya zu anyidɔléla* va se ɖe eƒe kugbe. Eɖe ɖe aga nɔ aƒe aɖe me le anyidɔ la ta,+ womeɖe mɔ nɛ be wòava Yehowa ƒe aƒe la me o. Via Yotam nɔ fia ƒe aƒe* la nu hedrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la.+

22 Ke Uziya ŋutinya susɔeawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi, ŋlɔ wo ɖi. 23 Eye wotsɔ Uziya mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ, gake le fiawo ƒe ameɖinyigba ƒe akpa aɖe, elabena wogblɔ be: “Anyidɔlélae.” Eye via Yotam+ zu fia ɖe eteƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe