Amos
2 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
‘“Le Moab+ ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,
Elabena etsɔ Edom-fiawo ƒe ƒuwo mè akaloe.
2 Eya ta maɖo dzo ɖe Moab,
Ne wòafiã Keriot ƒe mɔ́ sesẽwo;+
Moab aku le zitɔtɔ me,
Ne aʋaɣli ɖi, eye kpẽ ɖi.+
4 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
‘Le Yuda+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,
Elabena wogbe Yehowa ƒe se* la,
Eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o;+
Ke boŋ alakpa siwo yome wo tɔgbuiwo dze la kplɔ wo trae.+
6 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
‘Le Israel+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,
Elabena wotsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta,
Eye wotsɔ ame dahe dzra ɖe afɔkpa dodo ɖeka ta.+
Ame kple fofoa de ɖetugbui ɖeka gbɔ,
Ne woaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.
8 Wodra ɖe avɔ siwo woxɔ awɔbae+ la dzi le vɔsamlekpui+ ɖe sia ɖe gbɔ;
Eye wonoa agɔdzeha si woxɔ le amewo si le woƒe mawuwo ƒe me.’*
9 ‘Evɔ nyee tsrɔ̃ Amoritɔ la,+
Si kɔ abe sederti ene, eye wòsesẽ abe logoti ene la gbidigbidi le wo ta hafi;
Metsrɔ̃ eƒe tsetse le dzi kple eƒe ke le to me.+
10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,+
Eye mena miezɔ gbea dzi ƒe blaene,+
Ne miaxɔ Amoritɔ la ƒe anyigba wòazu mia tɔ.
Oo Israel-viwo, menye alea wòle oa?’ Yehowa ye gblɔe.
13 Eya ta magbã mi gudugudu ɖe mia nɔƒe,
Abe ale si tasiaɖam si wodo nukugba na gbãa nu le ete gudugudui ene.
16 Eye ame si ƒo dzi le le aʋawɔlawo dome gɔ̃ hã
Asi amamae gbe ma gbe,’+ Yehowa ye gblɔe.”