INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 14
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Ʋɔnudrɔ̃la Samson di srɔ̃ le Filistitɔwo dome (1-4)

      • Yehowa ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe Samson ŋu wòwu dzata (5-9)

      • Samson ƒe adzototo le srɔ̃ɖeƒe (10-19)

      • Wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu bubu (20)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:1

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “nyɔnu aɖe si tso Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo dome.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:3

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmɖeɖe tẽe, “eyae sɔ le ŋkunyeme.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +5Mo 7:3

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 13:1

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “dzatatsui tokɔdza.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 13:24, 25

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2005, axa 31

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 14:2

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 24:67; Mt 1:24

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:14

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 14:8, 9

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 16:5

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 16:15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:17

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 16:16, 18

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:18

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “hafi wòage ɖe xɔgã me.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 14:14
  • +Ʋɔn 14:15

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 13:24, 25; 14:6; 15:14
  • +Yos 13:2, 3; Ʋɔn 1:18
  • +Ʋɔn 14:12

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:20

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 14:2
  • +Ʋɔn 14:11; 15:1, 2

Bubuwo

Ʋɔn. 14:35Mo 7:3
Ʋɔn. 14:4Ʋɔn 13:1
Ʋɔn. 14:6Ʋɔn 13:24, 25
Ʋɔn. 14:7Ʋɔn 14:2
Ʋɔn. 14:81Mo 24:67; Mt 1:24
Ʋɔn. 14:14Ʋɔn 14:8, 9
Ʋɔn. 14:15Ʋɔn 16:5
Ʋɔn. 14:16Ʋɔn 16:15
Ʋɔn. 14:17Ʋɔn 16:16, 18
Ʋɔn. 14:18Ʋɔn 14:14
Ʋɔn. 14:18Ʋɔn 14:15
Ʋɔn. 14:19Ʋɔn 13:24, 25; 14:6; 15:14
Ʋɔn. 14:19Yos 13:2, 3; Ʋɔn 1:18
Ʋɔn. 14:19Ʋɔn 14:12
Ʋɔn. 14:20Ʋɔn 14:2
Ʋɔn. 14:20Ʋɔn 14:11; 15:1, 2
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:1-20

Ʋɔnudrɔ̃lawo

14 Samson yi Timna, eye wòkpɔ Filisti-nyɔnu* aɖe le Timna. 2 Eye wòyi ɖagblɔ na fofoa kple dadaa be: “Mekpɔ Filisti-nyɔnu aɖe le Timna, eye medi be miaɖee nam.” 3 Ke fofoa kple dadaa biae be: “Màte ŋu akpɔ nyɔnu aɖeke le wò ƒometɔwo kple míaƒe dukɔ bliboa dome aɖe oa?+ Ðe wòle be nàyi aɖaɖe srɔ̃ le Filistitɔ aʋamatsomatsotɔwo domea?” Ke Samson gblɔ na fofoa be: “Ðee nam, elabe eya ƒe nue nyo ŋunye.”* 4 Ke fofoa kple dadaa menya be Yehowa gbɔe esia tso, eye mɔnu dimee wòle le Filistitɔwo ŋu o, elabena Filistitɔwoe nɔ Israel dzi ɖum ɣemaɣi.+

5 Ale Samson kple fofoa kpakple dadaa woyi Timna. Esi wòva ɖo Timna ƒe waingblewo me la, kpɔ ɖa, dzata* aɖe le gbe tem va do goe. 6 Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽe,+ eye wòtsɔ asi gbɔlo fee ɖe eve, abe ale si ko ame atsɔ asi gbɔlo afe gbɔ̃vi ɖe eve ene. Ke megblɔ nu si wòwɔ la na fofoa alo dadaa o. 7 Eye wòyi ɖaƒo nu kple nyɔnu la; eƒe nu ganyo Samson ŋu kokoko.+

8 Esi wòtrɔ yina be yeakplɔ nyɔnua ava aƒee+ la, edze yi afi si dzata kukua le be yeakpɔe ɖa, eye wòkpɔ anyiwo kple anyitsi le dzata kukua me. 9 Eya ta eha anyitsia ɖe asi me, eye wòle enyim le yiyim. Esi wòva tu fofoa kple dadaa la, ena ɖe wo wonyi. Ke megblɔ na wo be dzata kukua mee yeha anyitsia le o.

10 Fofoa yi nyɔnu la ƒe me, eye Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma, elabena nenemae ɖekakpuiwo wɔna. 11 Esi wokpɔe la, woɖe ehati blaetɔ̃ be woanɔ eŋu. 12 Eye Samson gblɔ na wo be: “Meɖe kuku, mato adzo na mi. Ne mieɖe egɔme nam le kplɔ̃ɖoŋkeke adreawo me la, ekema matsɔ aklala biɖibiɖi wu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ ana mi. 13 Ke ne miete ŋu ɖe egɔme nam o la, ekema miawo boŋ miana aklala biɖibiɖi wu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃m. Woɖo eŋu nɛ be: “To wò adzo la na mí, míedi be míasee.” 14 Eye wògblɔ na wo be:

“Nuɖuɖu tso nuɖula me,

Eye nu vivi tso ŋusẽtɔ me.”+

Womete ŋu ɖe adzo la gɔme o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 15 Eye le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be: “Ble srɔ̃wòa nu,+ ne wòaɖe adzoa gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒe. Ðe miekpe mí va afi sia be yewoaxɔ míaƒe nunɔamesiwoa?” 16 Eya ta Samson srɔ̃ fa avi nɛ gblɔ be: “Ðeko nèlé fum, mèlɔ̃m o.+ Èto adzo na mía deviwo, ke mèɖe egɔme nam o.” Eɖo eŋu nɛ be: “Kpɔ ɖa, nyemeɖe egɔme na nye ŋutɔ fofonye kple danye gɔ̃ hã o. Ðe maɖe egɔme na wò ya?” 17 Ke enɔ avi fam nɛ le kplɔ̃ɖoŋkeke adreawo ƒe ŋkeke siwo susɔ la me. Mlɔeba le ŋkeke adrea gbe la, eɖe egɔme nɛ, elabena enɔ eƒom ɖe enu. Eye nyɔnua yi ɖaɖe adzo la gɔme na wo detɔwo.+ 18 Eya ta le ŋkeke adrea gbe, hafi ɣe naɖo to* la, dua me ŋutsuwo va gblɔ nɛ be:

“Nu kae vivina wu anyitsi,

Eye nu kae sesẽ wu dzata?”+

Eɖo eŋu na wo be:

“Ne menye nye nyinɔe mietsɔ ŋlɔ nui o la,+

Anye ne miete ŋu ɖe nye adzo la gɔme o.”

19 Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽe,+ eye wòyi Askelon+ ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ hetsɔ awu siwo wòɖe le wo ŋu la na adzogɔmeɖelaawo.+ Eye wòdo dziku vevie hetrɔ dzo yi fofoa ƒe me.

20 Ke wotsɔ Samson srɔ̃+ na ehati siwo nɔ eŋu le eƒe srɔ̃ɖegbea dometɔ ɖeka wòɖe.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe